INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/08 axa 1
  • Ŋkuɖoɖo Tafea Dzi Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuɖoɖo Tafea Dzi Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Minɔ Esia Wɔm” Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 5 Lia Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Mina Míada Akpe Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 17 Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • “Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Míakpe Amewo Na Ŋkuɖodzia Le Xexea Me Godoo!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 2/08 axa 1

Ŋkuɖoɖo Tafea Dzi Ŋudzedzekpɔkpɔtɔe

1, 2. Susu kawo tae wòle be míaɖo ŋku tafevɔsa la dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe?

1 Abe ale si Yesu de see ene la, Kristotɔ siwo le xexea me godoo akpe ta le Memleɖa, March 22, 2008 dzi aɖo ŋku Yesu Kristo ƒe ku la dzi. (Luka 22:19; 1 Kor. 11:23-26) Ŋudzedzekpɔkpɔ vevie ɖe nu siwo katã wowɔ le ŋkeke ma dzi, ƒe 1,975 enye esi va yi la ŋu ye ʋãa mí míewɔa esia. Esi Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi bliboe esime wowɔ fui wòse veve heku ɖe fuwɔametia ŋuti la, ekɔ Fofoa ƒe ŋkɔ ŋuti heto esia dzi na wokpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔ na Satana ƒe alɔmeɖeɖewo.—Hiob 1:11; Lod. 27:11.

2 Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la ɖo kpe nubabla yeye la dzi hena mɔnukpɔkpɔ amegbetɔ madeblibowo be woazu Mawu ƒe viwo eye mɔnukpɔkpɔ nasu wo si be woaɖu fia kple Kristo le Dziƒofiaɖuƒe la me. (Yer. 31:31-34; Mar. 14:24) Gawu la, abe ale si Yesu ŋutɔ ɖe eme na Nikodemo ene la, lɔlɔ̃ si gbegbe le Mawu si na ameƒomea dze kɔte le Via malɔ̃nugbɔa tsɔtsɔ sa vɔe me.—Yoh. 3:16.

3. Aleke Ŋkuɖodzia aɖe vi na ame siwo ayi lae?

3 Kpe Amewo: Woɖo aɖaŋu na mí le January Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me be míaŋlɔ míaƒe ame nyanyɛwo ƒe ŋkɔwo ɖi eye míayi aɖakpe wo. Èdze ame siwo ƒe ŋkɔwo nèŋlɔ ɖi la kpekpe gɔmea? Èle ɖoɖo wɔm be yeakpɔ gome le amewo kpekpe hena Ŋkuɖodzia ƒe dɔ si adze egɔme tso March 1 dzi la me bliboea? Ame siwo ayi la, ase Ŋɔŋlɔawo me nya siwo ate ŋu aʋã wo woaxɔ tafe, si ana woakpɔ agbe mavɔ, la dzi ase.—Rom. 10:17.

4. Nu ka tae wòle be míava ɖo Ŋkuɖodzia ɖuƒe kaba?

4 Ele be ame siwo ate ŋui la nawɔ ɖoɖo ava ɖo kaba bene woate ŋu ado dzaa na ame siwo wɔ ɖe amekpekpe tɔxɛa dzi va la vividoɖeameŋutɔe. Ame gbogbo siwo vaa Ŋkuɖodzia na wòva hiãna vevie be míalé ŋku ɖe ame yeyewo kple ame bubu siwo vaa kpekpeawo ɣeaɖewoɣi la ŋu etɔxɛ.

5. Aleke nàte ŋu adzra wò dzi ɖo ɖe wɔna sia ŋui?

5 Dzra Wò Dzi Ðo: Ŋkuɖodzi ƒe Biblia xexlẽ tɔxɛ si adze egɔme tso March 17 lia dzi la dze le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2008 kple 2008 Calendar me. Ŋugbledede tso nu vevi siwo dzɔ le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛawo me ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdzra wò dzi ɖo ɖe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu. (Ezra 7:10) Ŋugbledede kple gbedodoɖa tso Biblia me nuŋlɔɖi siawo ŋu ana wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa kple Via ɖe fia le tafea nana me ŋu nadzi ɖe edzi.—Ps. 143:5.

6. Aleke ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

6 Esi Ŋkuɖodzia le aƒe tum la, mina míadzra mía ɖokuiwo kple ame bubuwo ɖo hena wɔna vevi sia. Ŋkuɖoɖo tafea dzi ŋudzedzekpɔkpɔtɔe ana ƒomedodo si le mía kple Yehowa kpakple Via dome la me nasẽ ɖe edzi. (2 Kor. 5:14, 15) Aʋã mí hã be míasrɔ̃ wo le ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖe fia amewo me.—1 Yoh. 4:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe