MOSE ƑE AGBALẼ ATƆ̃LIA
1 Esiawoe nye nya siwo Mose gblɔ na Israel blibo la le Yordan nuto la me, le gbea dzi, le tagba si dze ŋgɔ Suf, le Paran, Tofel, Laban, Hazerot kple Dizahab dome. 2 Mɔzɔzɔ tso Horeb, to Seir To la ŋu, yi Kades-Barnea+ nye ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli. 3 Eye le ƒe blaenelia me,+ le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mose ƒo nu kple Israel-viwo, eye wògblɔ nya siwo katã Yehowa de esi be wòagblɔ na wo la na wo. 4 Egblɔ nya siawo esi wòɖu Sihon,+ Amori-fia si nɔ Hesbon dzi, kple Og,+ Basan-fia si nɔ Astarot la dzi le Edrei+ megbe. 5 Mose de asi Se+ sia me ɖeɖe me le Yordan nuto la me le Moab-nyigba dzi gblɔ be:
6 “Yehowa mía Mawu la gblɔ na mí le Horeb be: ‘Mienɔ tonuto sia me eteƒe didi.+ 7 Mitrɔ ɖo ta Amoritɔwo+ ƒe tonuto la me, kple ame siwo katã te ɖe wo ŋu le Araba,*+ le tonuto la me, le Sefela,* le Negeb* kple ƒuta,+ Kanaantɔwo ƒe anyigba kple Lebanon,*+ va se ɖe tɔsisi gã Frat nu,+ la gbɔ. 8 Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la ɖo mia ŋkume. Miyi ne miaxɔ anyigba si ŋu Yehowa ka atam le na mia fofo siwo nye Abraham, Isak+ kple Yakob,+ be yeatsɔ ana woawo kple woƒe dzidzimevi siwo ava ɖe wo yome la, wòazu mia tɔ.’+
9 “Eye megblɔ na mi ɣemaɣi be: ‘Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ mi o.+ 10 Yehowa mia Mawu la na miedzi ɖe edzi, eye azɔ miesɔ gbɔ egbea abe dziƒoɣletiviwo ene.+ 11 Yehowa mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la nena miasɔ gbɔ ɖe edzi+ zi akpe wu ale si miele, eye wòayra mi, abe ale si tututu wòdo ŋugbe na mi ene.+ 12 Aleke nye ɖeka mawɔ atsɔ miaƒe agba, miaƒe kuxiwo kple miaƒe dzrewɔwɔwo?+ 13 Mitia ŋutsu nyanu dzeaɖaŋu kpɔnuteƒewo le miaƒe toawo me, ne matsɔ wo aɖo mia nu.’+ 14 Eye mieɖo eŋu nam be: ‘Nu si nègblɔ na mí be míawɔ la nyo.’ 15 Eya ta metsɔ ŋutsu nyanu kpɔnuteƒe siwo mietia tso toawo me la ɖo tatɔwo ɖe mia nu: wo dometɔ aɖewo ɖe ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, ɖewo ɖe ame ewo nu, eye ɖewo nye amegãwo na miaƒe toawo.+
16 “Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi be: ‘Ne miele mia nɔviwo dome nyawo drɔ̃m la, midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe+ le ame kple nɔvia alo amedzro dome.+ 17 Migakpɔ ame ŋkume le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.+ Milé to ɖe ame tsɛ kple amegã ƒe nya ŋu sɔsɔe.+ Migavɔ̃ amegbetɔ o,+ elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nye Mawu tɔ;+ ne nya aɖe sesẽ na mi akpa la, mitsɔe va gbɔnye ne mase.’+ 18 Eye mede nu siwo katã wòle be miawɔ la ƒe se na mi ɣemaɣi.
19 “Azɔ míeho tso Horeb heto gbe gã dziŋɔ,+ si miekpɔ la dzi ɖo ta Amoritɔwo+ ƒe tonuto la me, abe ale si Yehowa mía Mawu la de se na mí ene, eye míeva ɖo Kades-Barnea.+ 20 Eye megblɔ na mi be: ‘Mieva ɖo Amoritɔwo ƒe tonuto, si Yehowa mía Mawu be yeatsɔ ana mí la me. 21 Kpɔ ɖa, Yehowa mia Mawu tsɔ anyigba la de asi na mi. Miyi ɖaxɔe wòazu mia tɔ, abe ale si tututu Yehowa mia tɔgbuiwo ƒe Mawu gblɔe na mi ene.+ Migavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi mi o.’
22 “Ke mi katã mieva gbɔnye gblɔ be: ‘Na míadɔ ŋutsuwo ɖe mía ŋgɔ, ne woatsa le anyigba la dzi na mí, eye woava gblɔ mɔ si míato ayi kple du siwo ƒomevi ŋu míake ɖo la na mí.’+ 23 Nya la dze ŋunye, eya ta metia ŋutsu wuieve le mia dome, ŋutsu ɖeka tso to sia to me.+ 24 Eye wodze mɔ yi tonuto la me+ heva ɖo keke Eskol Bali* la me, eye woyi ɖatsa ŋku le afi ma. 25 Wotsɔ anyigba la dzi kutsetse aɖewo ɖe asi vɛ na mí, eye wogblɔ na mí be: ‘Anyigba si Yehowa mía Mawu be yeatsɔ ana mí la nyo.’+ 26 Ke miegbe be yewomayi o, eye miedze aglã ɖe Yehowa mia Mawu ƒe sedede la ŋu.+ 27 Eye mienɔ nyatoƒoe tom le miaƒe agbadɔwo me nɔ gbɔgblɔm be: ‘Esi Yehowa lé fu mí tae wòkplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi be yeatsɔ mí ade asi na Amoritɔwo ne woatsrɔ̃ mí ɖo. 28 Afi ka gɔ̃e nye ema míeyina? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo,*+ esi wogblɔ be, “Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu wu mí, woƒe duwo lolo, eye woɖo gli sesẽwo ɖe wo ŋu yi ɖatɔ dziƒowo,*+ eye míekpɔ Anakitɔwo+ hã le afi ma.”’
29 “Eya ta megblɔ na mi be: ‘Dzidzi megaƒo mi alo miavɔ̃ wo o.+ 30 Yehowa mia Mawu la adze mia ŋgɔ, eye wòawɔ aʋa na mi+ abe ale si tututu wòwɔe le Egipte miekpɔ ene.+ 31 Miekpɔ ale si Yehowa mia Mawu la kɔ mi le gbea dzi, abe ale si ŋutsu kɔa via ene, le teƒe siwo katã miezɔ va se ɖe esime mieɖo teƒe sia.’ 32 To esiawo katã gbɔ hã la, miexɔ Yehowa mia Mawu la dzi se o,+ 33 eya ame si dze mia ŋgɔ le mɔa dzi, be yeafia teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi. Edzena na mi abe dzo ene le zã me eye abe alilikpo ene le ŋkeke me ne wòafia mɔ si miato la mi.+
34 “Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yehowa se nya siwo gblɔm mienɔ la, eye wòdo dziku vevie heka atam be,+ 35 ‘Dzidzime vɔ̃ɖi sia me ŋutsuwo dometɔ aɖeke makpɔ anyigba nyui si ŋu meka atam ɖo be matsɔ ana mia fofowo la o,+ 36 negbe Kaleb, Yefune vi ko. Akpɔe, eye matsɔ anyigba si dzi wòde la ana eya kple viawo, elabena edze Yehowa yome kple eƒe dzi bliboe.+ 37 (Yehowa do dziku ɖe nye hã ŋunye le mia ta, eye wògblɔ be: “Wò hã màyi afi ma o.+ 38 Yosua, Nun vi si tɔ ɖe ŋkuwòme+ lae ayi.+ Do ŋusẽe,*+ elabena eyae ana Israel nanyi anyigba la dome.”) 39 Ke mia vi sue siwo ŋu miegblɔ le be woazu nuhaha+ kple mia vi siwo menya nyui alo vɔ̃ egbea o la, woawoe ayi anyigba la dzi, eye matsɔe ana wo wòazu wo tɔ.+ 40 Ke miawo la, mitrɔ, eye miaho aɖo ta gbedzi ato Ƒudzĩ la gbɔ mɔ.’+
41 “Eye mieɖo eŋu nam be: ‘Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Fifia míayi aɖawɔ aʋa abe ale si Yehowa mía Mawu de se na mí la ene!’ Eya ta mia dometɔ ɖe sia ɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye miesusu be anɔ bɔbɔe na mi le to la dzi.+ 42 Ke Yehowa gblɔ nam be: ‘Gblɔ na wo be: “Migayi ɖawɔ aʋa o, elabena nyemanɔ mia dome o.+ Ne mieyi la, miaƒe futɔwo asi mi.”’ 43 Eya ta meƒo nu kpli mi, ke mieɖo to o. Ke miedze aglã ɖe Yehowa ƒe sedede la ŋu, eye mi katã miesẽ dzi me te kpɔ lia to la yi. 44 Eye Amoritɔ siwo le to ma dzi la do go va kpe mi, eye wonya mi ɖe nu, abe ale si ko anyiwo nyaa ame ɖe nui ene, eye woka mi hlẽ le Seir va ɖo keke Horma ke. 45 Emegbe mietrɔ gbɔ, eye miede asi avifafa me le Yehowa ŋkume, ke Yehowa meɖo to miaƒe gbe alo lé to ɖe mia ŋu o. 46 Eya tae mienɔ Kades eteƒe didi ɖo.
2 “Azɔ míetrɔ, eye míeho ɖo ta gbedzi heto Ƒudzĩ la gbɔ mɔ, abe ale si Yehowa gblɔ nam ene,+ eye míetsa tsaglalã le Seir To la gbɔ eteƒe didi. 2 Mlɔeba la, Yehowa gblɔ nam be: 3 ‘Mietsa tsaglalã le to sia gbɔ eteƒe didi. Azɔ mitrɔ ɖo ta dziehe gome. 4 Eye de se sia na dukɔ la be: “Miele mia nɔvi Esau ƒe dzidzimeviwo,+ ame siwo le Seir+ la, ƒe liƒo ŋu to ge, wole mia vɔ̃ ge,+ ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie. 5 Migadze wo dzi o,* elabena nyematsɔ woƒe anyigba afɔ ɖeka teti hã ana mi o, elabena metsɔ Seir To la na Esau, be wòanye etɔ.+ 6 Mixe fe ɖe nu si miaɖu la ta, eye miadze tsi si miano.+ 7 Elabena Yehowa wò Mawu yra wò le nu sia nu si nèwɔ la me. Enya ale si nèzɔ to gbe gã sia dzi. Yehowa wò Mawu nɔ kpli wò ƒe blaene siawo, eye naneke mehiã wò o.”’+ 8 Ale míeto mía nɔvi Esau ƒe dzidzimeviwo,+ ame siwo le Seir la ŋu, eye míegblẽ mɔ si ɖo ta Araba,* Elat kple Ezion-Geber+ la ɖi.
“Azɔ míetrɔ, eye míeto Moab gbedzimɔ.+ 9 Eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Mègadze Moab dzi alo awɔ aʋa kple wo o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe ɖeke ana wò wòanye tɔwò o, elabena metsɔ Ar na Lot viwo+ be wòanye wo tɔ. 10 (Tsã la, Emitɔwo+ nɔ afi ma, wonye dukɔ gã aɖe, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu abe Anakitɔwo ene. 11 Refaimtɔwo+ hã le abe Anakitɔwo ene,+ eye Moabtɔwo yɔa wo tsã be Emitɔwo. 12 Horitɔwo+ nɔ Seir tsã, ke Esau ƒe dzidzimeviwo xɔ woƒe anyigba, eye wotsrɔ̃ wo heva le wo nɔƒe,+ abe ale si Israel le anyigba si Yehowa atsɔ ana wo godoo wòanye wo tɔ la wɔ ge ene.) 13 Azɔ midze mɔ miatso Zered Bali* la ayi egodo.’ Ale míeho hetso Zered Bali* la.+ 14 Ɣeyiɣi si wòxɔ esi míezɔ tso Kades-Barnea va se ɖe esime míetso Zered Balia la le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, va se ɖe esime aʋawɔlawo ƒe dzidzime bliboa katã ku vɔ le asaɖa la me, abe ale si Yehowa ka atam na woe ene.+ 15 Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe wo dzi, va se ɖe esime wotsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le asaɖa la me.+
16 “Esi aʋawɔlawo katã nya ku vɔ le dukɔa dome ko la,+ 17 Yehowa gaƒo nu kplim be: 18 ‘Èle Ar ŋu to ge le Moab nuto la me egbea. 19 Ne èɖo Amonitɔwo gbɔ la, mègawɔ ŋlɔmi le wo ŋu alo adi ge le wo ŋu o, elabena nyematsɔ Amonitɔwo ƒe anyigba ƒe ɖeke ana wò o, elabena Lot ƒe dzidzimeviwoe metsɔe na be wòanye wo tɔ.+ 20 Tsã la, wobua anyigba ma be enye Refaimtɔwo+ tɔ. (Refaimtɔwoe nɔ edzi tsã, eye Amonitɔwo yɔ wo be Zamzumtɔwo. 21 Wonye dukɔ gã aɖe, wosɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu abe Anakitɔwo+ ene; ke Yehowa tsrɔ̃ wo ɖa le Amonitɔwo ŋgɔ, eye wonya wo henɔ wo teƒe. 22 Nenema kee wòwɔ na Esau ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nɔ Seir+ la hã, esime wòtsrɔ̃ Horitɔwo+ le wo ŋgɔ, ale be woxɔ woƒe anyigba henɔ wo teƒe va se ɖe egbe sia. 23 Ke Avitɔwo ya nɔ kɔƒekɔƒewo me va se ɖe keke Gaza+ ke, hafi Kaftortɔ+ siwo tso Kaftor* la va tsrɔ̃ wo henɔ wo teƒe.)
24 “‘Mitso miaho atso Arnon Bali*+ la. Kpɔ ɖa, metsɔ Sihon,+ Amori-fia si le Hesbon, de asi na wò. Eya ta dze eƒe anyigba la xɔxɔ gɔme, eye nàkpe aʋa kplii. 25 Tso egbea dzi la, mana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nalé dukɔ siwo katã le dziƒoa te, siwo ase nya tso ŋuwò la le tawò. Woatɔtɔ, eye woadzo nyanyanya* le tawò.’+
26 “Eye medɔ amewo tso Kedemot+ gbedzi ɖo ɖe Hesbon-fia Sihon gbɔ kple ŋutifafanya+ siawo be, 27 ‘Na mato wò anyigba dzi ayi. Mɔ dzi ko mato, eye nyemadze ɖe ɖusime alo miame o.+ 28 Nuɖuɖu si nàdzra nam la koe maɖu, eye tsi si nàdzra nam la koe mano. Ðe mɔ mazɔ afɔ to edzi ayi ko, 29 —abe ale si Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir kple Moab vi siwo le Ar la wɔ nam ene—va se ɖe esime matso Yordan ayi anyigba si Yehowa mía Mawu be yeatsɔ ana mí la dzi.’ 30 Ke Hesbon-fia Sihon meɖe mɔ be míato ye gbɔ o, elabena Yehowa mia Mawu ɖe mɔ eƒe tame sẽ,+ eye eƒe dzi me sẽ, ne wòatsɔe ade asi na mi abe ale si wòle egbe sia ene.+
31 “Eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa, metsɔ Sihon kple eƒe anyigba de asi na wò. Dze eƒe anyigba xɔxɔ gɔme.’+ 32 Esi Sihon kple eƒe dukɔ blibo la ho va kpe aʋa kpli mí le Yahaz+ la, 33 Yehowa mía Mawu tsɔe de asi na mí, ale be míeɖu eya kple viaŋutsuwo kpakple eƒe dukɔ blibo la katã dzi. 34 Míexɔ eƒe duwo katã ɣemaɣi, eye míetsrɔ̃ du sia du, kple ŋutsuwo, nyɔnuwo kpakple ɖeviwo gbidigbidi. Eye ame aɖeke metsi agbe o.+ 35 Negbe lãhawo koe míeha na mía ɖokuiwo hekpe ɖe nu siwo míeha le du siwo míexɔ la me ŋu. 36 Du siwo tso Aroer,+ si le Arnon Bali* la nu (kple du si le bali la me) va se ɖe keke Gilead ke, la dometɔ aɖeke mesesẽ na mí akpa o. Yehowa mía Mawu tsɔ wo katã de asi na mí.+ 37 Gake miete ɖe Amonitɔwo+ ƒe anyigba, Yabok Balia+ katã, kple du siwo le tonutoa me, kpakple teƒe bubu siwo ŋu Yehowa mía Mawu de se ɖo na mí la ŋu o.
3 “Azɔ míetrɔ, eye míeto Basan Mɔ. Eye Basan-fia Og kple eƒe dukɔ blibo la ho va kpe aʋa kpli mí le Edrei.+ 2 Eya ta Yehowa gblɔ nam be: ‘Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya kple eƒe dukɔ blibo la katã kpakple eƒe anyigba ade asi na wò; wɔe abe ale si nèwɔ Amori-fia Sihon si nɔ Hesbon la ene.’ 3 Eya ta Yehowa mía Mawu tsɔ Basan-fia Og kple eƒe dukɔ blibo la katã de asi na mí, eye míewu wo va se ɖe esime eƒe ame aɖeke mesusɔ o. 4 Míexɔ eƒe duwo katã ɣemaɣi. Du aɖeke menɔ anyi, si míexɔ le wo si o; míexɔ du blaade, siwo nye Argob nuto bliboa katã, si nye Og ƒe dziɖuƒe la le Basan.+ 5 Woɖo gli kɔkɔwo ɖe du siawo katã ŋu, eye wode agbo kple gameti wo nu, eye míexɔ kɔƒedu gbogbo aɖewo hã. 6 Ke míetsrɔ̃ wo gbidigbidi,+ abe ale si míewɔ Hesbon-fia Sihon esi míetsrɔ̃ du sia du, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo gbidigbidi la ene.+ 7 Eye míeha woƒe lãhawo katã helɔ aboyonuawo le duawo me.
8 “Ɣemaɣi la, míexɔ Amori-fia+ eve siwo le Yordan nutoa me la ƒe anyigba, tso Arnon Bali* la gbɔ va se ɖe keke Hermon Toa+ gbɔ ke; 9 (To si Sidontɔwo yɔna tsã be Sirion, eye Amoritɔwo yɔnɛ be Senir), 10 míexɔ du siwo katã le tonyigba gbadza la dzi, Gilead bliboa kple Basan bliboa katã va se ɖe keke Saleka kple Edrei+ siwo nye Og ƒe fiaɖuƒe ƒe duwo le Basan ke. 11 Elabena Basan-fia Og, ye nye Refaimtɔ mamlɛ si susɔ. Eƒe amekukubati* nye gabati, eye egakpɔtɔ le Amonitɔwo ƒe du Raba me. Edidi abɔklugui* asieke, eye wòkeke abɔklugui ene. 12 Ɣemaɣi la, míexɔ anyigba sia: tso Aroer,+ si le Arnon Bali la nu, kple Gilead tonutoa ƒe afã, eye metsɔ eƒe duwo na Ruben viwo kple Gad viwo.+ 13 Eye metsɔ Gilead ƒe akpa susɔea kple Basan bliboa katã, si le Og ƒe dziɖuƒe la, na Manase-toa+ ƒe afã la. Woyɔa Argob nutoa katã, si nye Basan ƒe akpa aɖe, be Refaim-nyigba.
14 “Yair,+ Manase vi xɔ Argob+ nuto blibo la katã va se ɖe keke Gesurtɔwo kple Maakatitɔwo+ ƒe liƒo dzi ke, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ, Havot-Yair,*+ na Basan ƒe kɔƒedu mawo va se ɖe egbe sia. 15 Eye metsɔ Gilead na Makir.+ 16 Eye mena anyigba Ruben viwo kple Gad viwo+ tso Gilead va ɖo Arnon Bali la nu, eye bali la ƒe titinae nye woƒe liƒo, va se ɖe keke Yabok, bali si le Amonitɔwo ƒe liƒo dzi ke, 17 hekpe ɖe Araba* kple Yordan kple eƒe liƒo la ŋu, tso Kineret* va se ɖe Araba-ƒua, si nye Dzeƒu* la nu, le Pisga To ƒe agawo nu le ɣedzeƒe gome.+
18 “Eye mede se sia na mi ɣemaɣi be: ‘Yehowa mia Mawu tsɔ anyigba sia na mi be wòazu mia tɔ. Miaƒe kalẽtɔwo katã nabla aʋakpa atso tɔ adze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ.+ 19 Negbe mia srɔ̃wo, mia viwo kple miaƒe lãhawo (menya nyuie be lãha gbogbo aɖe le mia si) koe anɔ du siwo metsɔ na mi la me, 20 va se ɖe esime Yehowa nana gbɔɖeme mia nɔviwo abe ale si wòna mii ene, eye woawo hã woxɔ anyigba si Yehowa mia Mawu ana wo le Yordan godo la. Emegbe mia dometɔ ɖe sia ɖe natrɔ ava anyigba si metsɔ na mi wònye mia tɔ la dzi.’+
21 “Mede se na Yosua+ ɣemaɣi be: ‘Wò ŋutɔ èkpɔ nu siwo katã Yehowa mia Mawu la wɔ fia eve siawo. Alea kee Yehowa awɔ fiaɖuƒe siwo katã gbɔ mietso tɔ yina lae.+ 22 Migavɔ̃ wo o, elabena Yehowa mia Mawue le aʋa wɔm na mi.’+
23 “Ɣemaɣi la, meƒo koko na Yehowa be, 24 ‘Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, èna wò subɔvi kpɔ wò gãnyenye kple wò alɔ sesẽ+ la, elabena mawu kae le dziƒowo alo anyigba dzi, si wɔa ŋusẽdɔwo abe wò ene?+ 25 Meɖe kuku, na mayi aɖakpɔ anyigba nyui si le Yordan godo, tonuto nyui sia kple Lebanon.’+ 26 Ke dɔmedzoe si Yehowa do ɖe ŋunye le mia ta la nu mefa o,+ eye meɖo tom o. Ke boŋ Yehowa gblɔ nam be: ‘Nese ɖe afi ma! Mègaƒo nu kplim tso nya sia ŋu azɔ o. 27 De Pisga Toa+ tame, eye nàkpɔ ɣetoɖoƒe kple dziehe, anyiehe kple ɣedzeƒe gome, elabena mèle Yordan sia tso ge o.+ 28 De dɔ asi na Yosua,+ de dzi ƒo nɛ, eye nàdo ŋusẽe, elabena eyae adze dukɔ sia ŋgɔ atso tɔ la,+ eye eyae ana woanyi anyigba si nàkpɔ la dome.’ 29 Nu siawo katã dzɔ esime míenɔ bali si dze ŋgɔ Bet-Peor+ la me.
4 “Azɔ Israel, lé to ɖe se kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo mele mia fiam la ŋu, lé wo me ɖe asi ne nànɔ agbe,+ ale be miayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa mia tɔgbuiwo ƒe Mawu tsɔ le mia na ge la. 2 Migatsɔ nya aɖeke kpe se siwo de ge mala na mi la o, eye migaɖe ɖeke le eme hã o,+ ne mialé Yehowa mia Mawu ƒe se siwo de ge mala na mi la me ɖe asi.
3 “Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal si le Peor ƒe nudzɔdzɔ la me; Yehowa mia Mawu la tsrɔ̃ ame sia ame si dze Baal si le Peor+ yome le mia dome. 4 Ke mi ame siwo ku ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu la, mi katã mietsi agbe va ɖo egbe. 5 Kpɔ ɖa, mefia sewo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo mi,+ abe ale si Yehowa nye Mawu de se nam ene, ne miawɔ wo dzi le anyigba si xɔ ge miala la dzi. 6 Milé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ,+ elabena esia aɖe miaƒe nunya+ kple nugɔmesese+ afia le dukɔ siwo ase nu tso ɖoɖo siawo katã ŋu la ŋkume, eye woagblɔ be: ‘Dukɔ gã sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo+ vavã.’ 7 Elabena dukɔ gã kae li, si ƒe mawuwo tsɔ ɖe egbɔ abe ale si Yehowa mía Mawu la tsɔ ɖe mía gbɔ ɣesiaɣi si míeyɔe ene?+ 8 Eye dukɔ gã ka sie se dzɔdzɔewo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo le abe Se siawo katã siwo metsɔ na mi egbe la ene?+
9 “Ke ɖeko nànɔ ŋudzɔ akpɔ ɖokuiwò dzi nyuie* ne nàgaŋlɔ nu siwo wò ŋkuwo kpɔ la be o, eye woagadzo le wò dzi me le wò agbemeŋkekewo katã me o. Fia wo viwòwo kple tɔgbuiyɔviwòwo,+ 10 Gbe si gbe nètɔ ɖe Yehowa wò Mawu ŋkume le Horeb la, Yehowa gblɔ nam be: ‘Ƒo dukɔ la nu ƒu ɖe ŋkunyeme, ne mana woase nye nyawo,+ ne woasrɔ̃ ale si woavɔ̃m+ le ŋkeke siwo katã me wole agbe le anyigba la dzi, eye woafia wo wo viwo.’+
11 “Eya ta miete va, eye mietsi tsitre ɖe to la te, eye to la ƒe bibi de dzi yi ɖase dziƒo ke; eye viviti, alilikpo kple blukɔ tsiɖitsiɖi do.+ 12 Eye Yehowa de asi nuƒoƒo me na mi tso dzo la me.+ Nyawo koe nɔ ɖiɖim miese, gake miekpɔ nɔnɔme aɖeke o+—gbeɖiɖi ko sem mienɔ.+ 13 Eye wògblɔ eƒe nubabla,+ si nye Se Ewoawo,*+ siwo ŋu wòde se le na mi be miawɔ wo dzi la na mi. Emegbe eŋlɔ wo ɖe kpe gbadzɛ eve dzi.+ 14 Ɣemaɣi la, Yehowa de se nam be mafia sewo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba si dzi yi ge miala aɖaxɔe wòazu mia tɔ la dzi.
15 “Eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie,* elabena miekpɔ nɔnɔme aɖeke le gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi tso dzo me le Horeb o, 16 ne miagawɔ nu gbegblẽ ahawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o, eɖanye ŋutsu alo nyɔnu ƒe nɔnɔme,+ 17 anyigbadzilã ƒe nɔnɔme alo dziƒoxe dzodzoe ƒe nɔnɔme,+ 18 nu siwo tana le anyigba dzi la dometɔ aɖe ƒe nɔnɔme alo tɔmelã siwo le tsi me le anyigba dzi la dometɔ aɖe ƒe nɔnɔme o.+ 19 Eye ne èwu mo dzi kpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo—dziƒonuwo* katã—mègana woaflu wò nàde ta agu na wo ahasubɔ wo o.+ Ðe Yehowa wò Mawu tsɔ wo na dukɔ siwo katã le dziƒo bliboa te. 20 Ke miawoe nye ame siwo Yehowa kplɔ tso galólokpo me, tso Egipte, be miazu dukɔ si nye eya ŋutɔ tɔ,*+ abe ale si wòle egbe sia ene.
21 “Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le mia ta,+ eye wòka atam be nyematso Yordan la alo ayi anyigba nyui si Yehowa mia Mawu tsɔ le mia na ge wòanye miaƒe domenyinu la dzi o.+ 22 Elabena maku ɖe anyigba sia dzi; nyematso Yordan+ o, ke miawo ya miatsoe, eye miaxɔ anyigba nyui sia wòazu mia tɔ. 23 Mikpɔ nyuie ne miagaŋlɔ nu, si Yehowa mia Mawu bla kpli mi la be o,+ eye migawɔ legba na mia ɖokui ɖe nu siwo katã ŋu Yehowa mia Mawu de se ɖo na mi la ƒe nɔnɔme me o.+ 24 Elabena Yehowa mia Mawu la, dzo si fiãa nu wònye,+ Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna bliboe wònye.+
25 “Ne èdzi viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miele anyigba la dzi eteƒe didi, eye miewɔ nu gbegblẽ hewɔ legba+ aɖe, eye miewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa mia Mawu la ŋkume tsɔ do dziku nɛ la,+ 26 ekema dziƒo kple anyigba nye ɖasefowo nam ɖe mia ŋu egbea, be mia nu ayi kaba ŋutɔ le anyigba si dzi mietso Yordan yina be miaxɔe wòazu mia tɔ la dzi. Mianɔ anyigba la dzi eteƒe nadidi o, elabena miatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ.+ 27 Yehowa aka mi ahlẽ ɖe dukɔwo dome,+ eye mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ+ ɖe dukɔ siwo me Yehowa anya mi ɖo ɖa la dome. 28 Miasubɔ mawu siwo nye ati kple kpe, siwo amegbetɔwo tsɔ woƒe asiwo wɔ,+ mawu siwo mate ŋu akpɔ nu alo ase nu, aɖu nu alo aʋẽ nu ase o la, le afi ma.
29 “Ne miedi Yehowa mia Mawu le afi ma la, ekema miake ɖe eŋu,+ ne mietsɔ miaƒe dzi blibo kple luʋɔ* blibo dii.+ 30 Ne mieɖo nɔnɔme sesẽ me, eye nu siawo katã va mia dzi le etsɔme la, ekema miatrɔ ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu, eye miaɖo to eƒe gbe.+ 31 Elabena Yehowa wò Mawu la, Mawu nublanuikpɔla+ wònye. Magblẽ wò ɖi alo atsrɔ̃ wò alo aŋlɔ nubabla si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo la be o.+
32 “Azɔ bia tsãŋkeke siwo va yi do ŋgɔ na wò, tso gbe si gbe Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi, la ta se; dii tso dziƒowo ƒe go ɖeka va se ɖe eƒe go kemɛ dzi. Ðe wowɔ nu gã sia tɔgbi kpɔa, alo ɖe wose nu sia tɔgbi kpɔa?+ 33 Ðe dukɔ aɖe se Mawu ƒe gbe wòƒo nu tso dzo me abe ale si nèsee ene hetsi agbe kpɔa?+ 34 Alo ɖe Mawu te kpɔ be yeatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃wo,* dzesiwo, nukunuwo,+ aʋawɔwɔ,+ asi sesẽ,+ alɔ si wodo ɖa kple nu dziŋɔwo+ aɖe dukɔ aɖe tso dukɔ bubuwo dome na eɖokui kpɔ, abe ale si Yehowa mia Mawu wɔ na mi le Egipte miekpɔ la enea? 35 Ke ena nèkpɔ nu siawo, ne nàdze sii be, Yehowae nye Mawu vavã la,+ eye bubu aɖeke meli kpe ɖe eŋu o.+ 36 Ena nèse eƒe gbe tso dziƒowo, be wòaɖɔ wò ɖo; ena nèkpɔ eƒe dzo gã la le anyigba dzi, eye nèse eƒe nyawo tso dzo la me.+
37 “Ke esi wòlɔ̃ tɔgbuiwòwo eye wòtia woƒe dzidzimevi siwo ava ɖe wo yome+ tae wòtsɔ eƒe ŋusẽ gã la kplɔ wò tso Egipte le eŋkume ɖo. 38 Enya dukɔ siwo lolo hesesẽ wu wò la le ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò yii hetsɔ woƒe anyigba na wò wònye wò domenyinu, abe ale si wòle egbe sia ene.+ 39 Nyae egbea, eye wòade dzi gbɔ na wò be, Yehowae nye Mawu vavã le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii.+ Ðeke megali o.+ 40 Lé eƒe ɖoɖowo kple eƒe se siwo dem mele na wò egbea la me ɖe asi, ne eme nanyo na wò kple megbewòviwo, eye nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm la dzi.”+
41 Ɣemaɣi la, Mose tia du etɔ̃ le Yordan ƒe ɣedzeƒekpa dzi,+ 42 ale be ne ame aɖe mebua wu nɔvia o, eye melé fui tsã hafi o la,+ wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, ne wòanɔ agbe.+ 43 Duawoe nye: Bezer+ le gbedzi le tonyigba gbadza la dzi na Ruben viwo, Ramot+ le Gilead na Gad viwo, kpakple Golan+ le Basan na Manase viwo.+
44 Ke esiae nye Se+ si Mose tsɔ ɖo Israel-viwo ŋkume. 45 Esiawoe nye ŋkuɖodzinya kple se kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo Mose tsɔ na Israel-viwo esime wodzo le Egipte megbe,+ 46 le Yordan nutoa me, le bali si dze ŋgɔ Bet-Peor+ la me, le Amori-fia Sihon si nɔ Hesbon+ la ƒe anyigba dzi, ame si dzi Mose kple Israel-viwo ɖu esime wodzo le Egipte megbe.+ 47 Eye woxɔ eƒe anyigba kple Basan-fia Og+ ƒe anyigba wòzu wo tɔ; woawoe nye Amori-fia eve siwo nɔ nuto si le Yordan ƒe ɣedzeƒekpa dzi, 48 tso Aroer+ si le Arnon Bali* la nu, va se ɖe Sion To, si wogayɔna be Hermon To+ la gbɔ, 49 kpakple Araba blibo la katã, le nuto si le Yordan ƒe ɣedzeƒekpa dzi, va se ɖe keke Araba-ƒu* la ŋu le Pisga To+ ƒe agawo nu ke.
5 Eye Mose yɔ Israel blibo la katã, eye wògblɔ na wo be: “Oo Israel, lé to ɖe se kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo gblɔm mele na mi egbea ŋu, misrɔ̃ wo, eye miwɔ wo dzi pɛpɛpɛ. 2 Yehowa mía Mawu bla nu kpli mí le Horeb.+ 3 Menye mía tɔgbuiwoe Yehowa bla nu sia kplii o, ke boŋ míawoe, mí ame siwo katã le agbe le afi sia egbe lae. 4 Yehowa ƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume le to la gbɔ tso dzo la me.+ 5 Menɔ mia kple Yehowa dome ɣemaɣi+ be magblɔ Yehowa ƒe nya na mi, elabena mienɔ vɔvɔ̃m le dzo la ta, eye mielia to la o.+ Eye wògblɔ bena:
6 “‘Nyee nye Yehowa wò Mawu, ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, tso kluviƒe me.+ 7 Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.*+
8 “‘Mègawɔ legba+ alo nu siwo le dziƒo afi mɛ, alo anyigba dzi afii, alo le tsi me le anyigba dzi la ƒe nɔnɔme aɖeke na ɖokuiwò o. 9 Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o,+ elabena nye, Yehowa wò Mawu la, Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna bliboe+ menye, eye mehea fofo siwo léa fum la ƒe vodada ŋuti tohehe vaa wo viwo dzi, vaa woƒe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi,+ 10 ke meɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o la fiaa ame siwo lɔ̃am heléa nye sededewo me ɖe asi la ƒe dzidzime akpe nanewo.
11 “‘Mègayɔ Yehowa wò Mawu ƒe ŋkɔ yakatsyɔ o,+ elabena Yehowa magbe tohehe na ame sia ame si yɔa eŋkɔ yakatsyɔ la o.+
12 “‘Ðo ŋku Sabat ŋkeke la dzi ne nàwɔe kɔkɔe, abe ale si tututu Yehowa wò Mawu de se na wò ene.+ 13 Ŋkeke ade nàwɔ dɔ, eye nàwɔ wò dɔwo katã,+ 14 ke ŋkeke adrelia nye Sabat na Yehowa wò Mawu.+ Mègawɔ dɔ aɖeke o,+ eɖanye wò ŋutɔ alo viwòŋutsu alo viwònyɔnu, wò kluvi alo wò kosi alo wò nyitsu alo wò tedzi alo wò aƒemelã alo wò amedzro si le miaƒe duwo*+ me la o, ne wò kluvi kple wò kosi nagbɔ ɖe eme abe wò ŋutɔ ke ene.+ 15 Ðo ŋku edzi be ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa wò Mawu tsɔ asi sesẽ kple alɔ si wodo ɖa kplɔ wò dzoe le afi ma.+ Esia tae Yehowa wò Mawu de se na wò be nànɔ Sabat ŋkeke la ɖum ɖo.
16 “‘Bu fofowò kple dawò,+ abe ale si tututu Yehowa wò Mawu de se na wò ene, be nànɔ agbe didi, eye eme nanyo na wò le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm la dzi.+
17 “‘Mègawu ame o.+
18 “‘Mègawɔ ahasi o.+
19 “‘Mègafi fi o.+
20 “‘Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋu o.+
21 “‘Hawòvi srɔ̃ megabiã ŋu na wò o.+ Eye mègabiã ŋu hawòvi ƒe aƒe, eƒe agble alo eƒe kluvi alo eƒe kosi, eƒe nyi alo eƒe tedzi alo nu sia nu si nye hawòvi tɔ la o.’+
22 “Se siawoe* Yehowa gblɔ kple gbe sesẽ na miaƒe ha bliboa le to la gbɔ, tso dzo la me, tso alilikpo la kple blukɔ tsiɖitsiɖi la me,+ eye megagblɔ ɖeke kpe ɖe wo ŋu o; emegbe eŋlɔ wo ɖe kpe gbadzɛ eve dzi hetsɔ nam.+
23 “Eye esi mienya se gbe la tso vivitia me, le esime to la le bibim ko la,+ miaƒe tatɔwo kple miaƒe ametsitsiwo katã va gbɔnye. 24 Eye miegblɔ be: ‘Kpɔ ɖa, Yehowa mía Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe gãnyenye fia mí, eye míese eƒe gbe tso dzo la me.+ Míekpɔe egbea be Mawu ate ŋu aƒo nu kple amegbetɔ, gake wòakpɔtɔ anɔ agbe.+ 25 Azɔ la, nu ka ŋuti míaku? Elabena dzo gã sia afiã mí ne míeyi edzi le Yehowa mía Mawu ƒe gbe sem, eye míaku godoo. 26 Elabena ame kae le ŋutilãwo* katã dome si se Mawu gbagbe la ƒe gbe wòƒo nu tso dzo me kpɔ, abe ale si míesee ene, gake wòtsi agbe? 27 Wò ŋutɔ yi, ne nàse nya siwo katã Yehowa mía Mawu agblɔ, eye nàgblɔ nya siwo katã Yehowa mía Mawu agblɔ na wò la na mí, ekema míasee, eye míawɔ wo dzi.’+
28 “Yehowa se nya siwo miegblɔ nam, eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Mese nya siwo dukɔ sia gblɔ na wò. Nya siwo katã wogblɔ la nyo.+ 29 Ne ɖe dzi si ana woavɔ̃m+ ahalé nye sededewo katã me ɖe asi+ anɔ wo si ɣesiaɣi la, ekema eme anyo na wo kple wo viwo tegbee!+ 30 Yi nàgblɔ na wo be: “Mitrɔ yi miaƒe agbadɔwo me.” 31 Ke wò la, tsi gbɔnye afi sia ne magblɔ sededewo, ɖoɖowo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo, siwo katã nàfia wo la na wò, eye woawɔ wo dzi le anyigba si matsɔ ana wo wòazu wo tɔ la dzi.’ 32 Azɔ miwɔ abe ale si Yehowa mia Mawu de se na mi ene la pɛpɛpɛ.+ Migadze ɖe ɖusime alo miame o.+ 33 Mizɔ mɔ siwo katã Yehowa mia Mawu ɖo na mi la dzi,+ ne mianɔ agbe, eye eme nanyo na mi, ale be mianɔ agbe didi le anyigba si miaxɔ wòazu mia tɔ la dzi.+
6 “Ke esiawoe nye sedede, ɖoɖo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo Yehowa mia Mawu la tsɔ na be woafia mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba si dzi miele tɔ tso ge ayi aɖaxɔ wòazu mia tɔ la dzi, 2 ne nàvɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàlé eƒe ɖoɖowo kple eƒe se siwo katã dem mele na wò egbea la me ɖe asi, wò kple viwòwo kpakple tɔgbuiyɔviwòwo,+ le wò agbemeŋkekewo katã me, ne nànɔ agbe didi.+ 3 Oo Israel see, eye nàwɔ wo dzi pɛpɛpɛ, ne eme nanyo na wò, eye miadzi asɔ gbɔ le anyigba, si dzi notsi kple anyitsi le sisim le la dzi, abe ale si tututu Yehowa, tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.
4 “Oo Israel, see: Yehowa mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe.+ 5 Eya ta tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo+ kpakple wò ŋusẽ* blibo+ lɔ̃ Yehowa wò Mawu la. 6 Eye nya siwo ƒe se dem mele na wò egbe la, natsi dzi me na wò, 7 ku wo ɖe to me* na viwòwo,+ eye nàƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, ne èle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.+ 8 Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye woanɔ abe ŋgoblanu ene le wò ŋgonu.*+ 9 Ŋlɔ wo ɖe wò aƒe ƒe ʋɔtrutiwo kple wò agbowo ŋu.
10 “Ne Yehowa wò Mawu kplɔ wò yi anyigba si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob be yeatsɔ ana wò la dzi,+ afi si du gã nyui siwo menye wòe tso wo o la le,+ 11 kple aƒe siwo me nu nyuiwo katã yɔ fũu, evɔ menye wòe wɔ dɔ kpɔ wo o, kple vudo siwo menye wòe ɖe wo o, waingble kple amiti siwo menye wòe do wo o—eye nèɖu nu ɖi ƒo la,+ 12 kpɔ nyuie be màgaŋlɔ Yehowa,+ ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, tso kluviƒe me, la be o. 13 Yehowa wò Mawu lae nàvɔ̃,+ eyae nàsubɔ,+ eye eƒe ŋkɔe nàtsɔ aka atam.+ 14 Migadze mawu bubuwo, dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe mawuwo dometɔ aɖeke, yome o,+ 15 elabena Yehowa wò Mawu si le dowòme la, Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna bliboe+ wònye. Ne menye nenema o la, Yehowa wò Mawu ƒe dziku afla ɖe ŋuwò,+ eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la dzi.+
16 “Migate Yehowa mia Mawu kpɔ,+ abe ale si mietee kpɔ le Masa+ ene o. 17 Milé Yehowa mia Mawu ƒe sededewo kple eƒe ŋkuɖodzinyawo kpakple eƒe ɖoɖowo, siwo ƒe se wòde na mi be miawɔ wo dzi la, me ɖe asi pɛpɛpɛ. 18 Wɔ nu si dzɔ, eye wònyo le Yehowa ŋkume, ne eme nanyo na wò, be nàyi anyigba nyui si ŋu Yehowa ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo+ la dzi aɖaxɔe wòazu tɔwò 19 nànya wò futɔwo katã ɖa le ŋgɔwò, abe ale si tututu Yehowa do ŋugbee ene.+
20 “Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu kae ŋkuɖodzinya kple se kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo Yehowa, mía Mawu, tsɔ na mi la fia?’ hã la, 21 ekema nàɖo eŋu na viwòa be, ‘Míenye kluviwo na Farao le Egipte kpɔ, ke Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mí dzoe le Egipte. 22 Eye Yehowa tsɔ dzesi kple nukunu gã dziŋɔwo tu nu kple Egipte,+ Farao kple eƒe aƒe blibo la katã le mía ŋkume.+ 23 Eye wòkplɔ mí dzoe le afi ma va afi sia be wòatsɔ anyigba si ŋu wòka atam ɖo na mía tɔgbuiwo la ana mí.+ 24 Eye Yehowa de se na mí be míawɔ ɖoɖo siawo katã dzi, eye míavɔ̃ Yehowa mía Mawu la, ne eme nanyo na mí ɖaa,+ ne míayi edzi anɔ agbe,+ abe ale si wòle egbe sia ene. 25 Eye ne míeɖo to Yehowa mía Mawu hewɔ sedede siawo katã dzi pɛpɛpɛ, abe ale si wòde se na mí ene la, woabui dzɔdzɔenyenye na mí.’+
7 “Ne Yehowa wò Mawu kplɔ wò yi anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò dzi la,+ eya ŋutɔ anya dukɔ siwo me tɔwo sɔ gbɔ,+ siwo nye Hititɔwo, Girgasitɔwo, Amoritɔwo,+ Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo,+ dukɔ adre siwo me tɔwo sɔ gbɔ hesesẽ wu wò la ɖa le ŋgɔwò.+ 2 Yehowa wò Mawu atsɔ wo ade asi na wò, eye àɖu wo dzi.+ Ele be nàtsrɔ̃ wo gbidigbidi.+ Mègabla nu kpli wo alo ave wo nu kura o.+ 3 Eye mègana srɔ̃ɖekadodo aɖeke nanɔ wò kpli wo dome o. Mègatsɔ viwònyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye mègaɖe wo vinyɔnuwo na viwòŋutsuwo hã o.+ 4 Elabena woana viwòŋutsuwo natrɔ le yonyeme aɖasubɔ mawu bubuwo;+ ale be Yehowa ƒe dziku nafla ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò kaba ŋutɔ.+
5 “Ke boŋ nu si miawɔ woe nye esi: Mimu woƒe vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, migbã woƒe trɔ̃sɔtiwo,+ milã woƒe Asera-tiwo*+ ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe legbawo.+ 6 Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa wò Mawu, eye Yehowa wò Mawu tia wò nèzu eƒe dukɔ kple eƒe nunɔamesi tɔxɛ* le dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome.+
7 “Menye esi miesɔ gbɔ wu le dukɔwo katã dome tae Yehowa lɔ̃ mi, eye wòtia mi ɖo o,+ elabena miawoe le ʋɛ wu le dukɔwo katã dome.+ 8 Ke boŋ esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ atam si wòka na mia tɔgbuiwo+ dzi la tae Yehowa tsɔ asi sesẽ kplɔ mi dzoe heɖe mi tso kluviƒe me,+ tso Egipte-fia Farao ƒe ŋusẽ* te ɖo. 9 Ènyae nyuie be Yehowa wò Mawue nye Mawu vavã la, Mawu nuteƒewɔla la, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ kple ame siwo léa eƒe sededewo me ɖe asi la nu, va se ɖe dzidzime akpewo dzi.+ 10 Ke atsrɔ̃ ame siwo léa fui la godoo atsɔ ahe to na woe.+ Mahe ɖe megbe o, atso ɖe ame siwo léa fui la ŋu; ahe to na wo godoo. 11 Eya ta lé sedede kple ɖoɖo kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo gblɔm mele na wò egbea la me ɖe asi, eye nàwɔ wo dzi pɛpɛpɛ.
12 “Ne mieyi edzi lé fɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siawo ŋu, eye mielé wo me ɖe asi hewɔ wo dzi la, Yehowa wò Mawu awɔ nubabla la dzi ahave nuwò abe ale si wòka atam na tɔgbuiwòwo ene. 13 Alɔ̃ wò, eye wòayra wò ahana nàdzi ɖe edzi asɔ gbɔ. Ɛ̃, atsɔ vi geɖe ayra wò,*+ eye wòayra wò anyigbadzikutsetse, wò agblemenuku, wò wain yeye kple wò ami,+ wò nyiwo ƒe viwo kple wò alẽwo ƒe viwo, le anyigba si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo be yeatsɔ ana wò la dzi.+ 14 Woayra wò wu dukɔwo katã;+ ŋutsu alo nyɔnu aɖeke manɔ mewò, si si vi manɔ o, eye wò lãwo hã matsi ko o.+ 15 Yehowa aɖe dɔléle ɖe sia ɖe ɖa le dowòme; eye mana Egipte ƒe dɔléle vɔ̃ɖi siwo katã nènya la naɖe fu na wò o.+ Ke boŋ akplɔ wo aƒu ame siwo katã léa fu wò. 16 Eye nàtsrɔ̃ dukɔ siwo katã Yehowa wò Mawu tsɔ de asi na wò la.+ Mègakpɔ* nublanui na wo o,+ mègasubɔ woƒe mawuwo o,+ elabena woazu mɔ̃ aɖe wò.+
17 “Ne ègblɔ le wò dzi me be, ‘Dukɔ siawo sɔ gbɔ wu mí sãsãsã, aleke mawɔ anya wo ɖa?’+ hã la, 18 mègavɔ̃ wo o.+ Ðo ŋku nu si Yehowa wò Mawu tu kple Farao kple Egipte blibo la katã dzi,+ 19 eye ɖo ŋku ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ* siwo wòhe va wo dzi wò ŋkuwo kpɔ, kple dzesiwo, nukunuwo,+ asi sesẽ kple alɔ si wodo ɖa, si Yehowa wò Mawu tsɔ kplɔ wò dzoe la dzi.+ Aleae Yehowa wò Mawu awɔ dukɔ siwo katã vɔ̃m nèle lae.+ 20 Yehowa wò Mawu ana dzi naɖe le amewo ƒo* le ŋgɔwò, va se ɖe esime ame siwo susɔ,+ siwo le bebem na wò la natsrɔ̃. 21 Dzidzi megaƒo wò le wo ta o, elabena Yehowa wò Mawu, Mawu gã dziŋɔ la,+ le dowòme.+
22 “Yehowa wò Mawu anya dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò vivivi.+ Maɖe mɔ na wò be nàtsrɔ̃ wo ɖa zi ɖeka o, ne lã wɔadãwo nagava dzi ɖe edzi ɖe ŋuwò o. 23 Yehowa wò Mawu atsɔ wo ade asi na wò, eye nàsi wo va se ɖe esime wotsrɔ̃ vɔ.+ 24 Atsɔ woƒe fiawo ade asi na wò,+ eye nàtutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.+ Ame aɖeke manɔ te ɖe nuwò o,+ va se ɖe esime nètsrɔ̃ wo keŋkeŋ.+ 25 Mitɔ dzo woƒe mawuwo ƒe legbawo.+ Wo ŋu klosalo kple sika megabiã ŋu na wò o, eye mègatsɔ wo na ɖokuiwò o,+ be woagazu mɔ̃ na wò o, elabena ŋunyɔnu wonye na Yehowa wò Mawu.+ 26 Mègatsɔ ŋunyɔnu va aƒewò me ne woagatsrɔ̃ wò ŋutɔ hã abe nua ke ene o. Nànyɔ ŋui aganyɔ ŋui ɖe edzi, elabena nu si woatsrɔ̃ gbidii ye wònye.
8 “Milé se siwo katã dem mele na mi egbe la me ɖe asi pɛpɛpɛ, ne miayi edzi anɔ agbe,+ miadzi ɖe edzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia tɔgbuiwo la wòazu mia tɔ.+ 2 Ðo ŋku mɔ legbe si Yehowa wò Mawu na nèzɔ ƒe blaene siawo le gbea dzi,+ bena yeabɔbɔ wò ɖe anyi ahado wò kpɔ,+ ne yeanya nu si le wò dzi me,+ be àlé yeƒe sededewo me ɖe asi loo alo màlé wo me ɖe asi o la dzi. 3 Eya tae wòbɔbɔ wò ɖe anyi, ena dɔ wu wò,+ eye wòtsɔ mana+ si wò ŋutɔ kple fofowòwo mienya o la nyi wò, ne wòana nànyae be menye abolo ɖeɖe ko nue amegbetɔ nɔa agbe ɖo o, ke boŋ amegbetɔ nɔa agbe ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.+ 4 Awu siwo nèdo la mevuvu o, eye wò afɔwo hã mete le ƒe blaene siawo me o.+ 5 Ènyae nyuie le wò dzi me be, ale si ŋutsu ɖɔa via ɖoe la, nenemae Yehowa wò Mawu nɔ ɖɔwòm ɖoe.+
6 “Azɔ lé Yehowa wò Mawu ƒe sededewo me ɖe asi, eye nàzɔ eƒe mɔwo dzi ahavɔ̃e. 7 Elabena Yehowa wò Mawu kplɔ wò yina anyigba nyui aɖe dzi,+ anyigba si dzi tɔʋuwo, tsidzɔƒewo kple tɔ goglo siwo sina to baliwo kple tonutowo me la le, 8 anyigba si dzi lu kple ƒo, wainkawo kple gbotiwo kpakple yevuboɖawo le,+ anyigba si dzi amititsetsewo ƒe ami kple anyitsi le,+ 9 anyigba si dzi nuɖuɖu mave le o, eye naneke mahiã wò o, anyigba si ƒe kpewo me gayibɔ le, si ƒe towo dzi nàku akɔbli le.
10 “Ne èɖu nu ɖi ƒo la, ekema kafu Yehowa wò Mawu ɖe anyigba nyui si wòtsɔ na wò la ta.+ 11 Kpɔ nyuie be màgaŋlɔ Yehowa wò Mawu be ahagbe eƒe sededewo, eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo kple eƒe ɖoɖo siwo ƒe se dem mele na wò egbe la dzi wɔwɔ o. 12 Ne èɖu nu ɖi ƒo, eye nètso aƒe nyuiwo hele wo me,+ 13 eye wò nyihawo kple wò alẽhawo dzi ɖe edzi, wò klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi, eye nu sia nu bɔ ɖe asiwò la, 14 wò dzi negade asi dada me,+ eye nàŋlɔ Yehowa wò Mawu, ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, tso kluviƒe me la be o,+ 15 ame si na nèzɔ gbe gã dziŋɔ,+ si dzi da vɔ̃ɖiwo kple dziɖegbewo* le, anyigba si ƒu kplakplakpla, si dzi tsi mele o la dzi. Ena tsi do tso agakpe sesẽ me na wò,+ 16 eye wòtsɔ mana+ si fofowòwo menya o la nyi wò le gbea dzi, ne wòabɔbɔ wò ɖe anyi,+ eye wòado wò kpɔ, be wòaɖe vi na wò le etsɔme.+ 17 Ne ègblɔ le wò dzi me be, ‘Nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple nye asi sesẽe metsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe’+ la, 18 ɖo ŋku edzi be Yehowa wò Mawue naa ŋusẽ wò be nàkpɔ kesinɔnuwo+ ne wòawɔ nubabla si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo la dzi, abe ale si wòle egbe sia ene.+
19 “Ke ne èŋlɔ Yehowa wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome, nèsubɔ wo hede ta agu na wo la, ekema mele ɖase ɖim le mia ŋu egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko.+ 20 Miatsrɔ̃ abe dukɔ siwo tsrɔ̃m Yehowa le le mia ŋgɔ la ene, le esi mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe gbe o ta.+
9 “Israel, see, èle Yordan+ tso ge egbea ne nàyi aɖaxɔ dukɔ siwo lolo, eye wosesẽ wu wò la ƒe anyigba,+ eye nàxɔ du siwo lolo, eye wo ŋu gliwo sesẽ heɖatɔ dziƒo,*+ 2 dukɔ gã si me tɔwo dzɔ atsu, siwo nye Anakitɔwo,+ ame siwo ŋu nya wò ŋutɔ nènya, eye nèse wogblɔ le wo ŋu be: ‘Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe Anak viwo nu?’ 3 Eya ta nyae nyuie egbea be Yehowa wò Mawu adze ŋgɔwò ayi tɔa godo.+ Dzo si fiãa nu wònye,+ eye atsrɔ̃ wo gbidii. Abɔbɔ wo ɖe anyi le ŋgɔwò, eye ànya wo ɖa* kaba ahatsrɔ̃ wo, abe ale si Yehowa do ŋugbe na wò ene.+
4 “Ne Yehowa wò Mawu nya wo ɖa le ŋgɔwò la, mègagblɔ le wò dzi me be: ‘Nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ tae Yehowa kplɔm vɛ, be maxɔ anyigba sia wòazu tɔnye’ o,+ evɔ wònye dukɔ siawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae+ Yehowa le wo nyam le ŋgɔwò ɖo hafi. 5 Menye esi nènye ame dzɔdzɔe eye wò dzi me kɔ tae nèyina woƒe anyigba xɔ ge wòazu tɔwò o. Ke boŋ dukɔ siawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae Yehowa wò Mawu le wo nyam le ŋgɔwò ɖo,+ ne Yehowa nawɔ nya si wòka atam gblɔ na tɔgbuiwòwo, Abraham,+ Isak+ kple Yakob+ la dzi. 6 Eya ta nyae be, menye wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ tae Yehowa wò Mawu tsɔ anyigba nyui sia le nawòm, be nàxɔe wòazu tɔwò ɖo o, elabena dukɔ sẽdzime* nènye.+
7 “Ðo ŋku edzi: Mègaŋlɔ ale si nèdo dziku na Yehowa wò Mawu le gbea dzi la be gbeɖe o.+ Miedze aglã ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe mieʋu tso Egipte-nyigba dzi va se ɖe esime mieva teƒe sia.+ 8 Miedo dziku na Yehowa le Horeb gɔ̃ hã, eye Yehowa do dziku ɖe mia ŋu ale gbegbe be wòdi be yeatsrɔ̃ mi gbidii.+ 9 Esi melia to la be maxɔ kpe gbadzɛawo,+ nu, si Yehowa bla kpli mi la ƒe kpe gbadzɛawo,+ eye menɔ toa dzi ŋkeke blaene kple zã blaene+ la, nyemeɖu nu alo no tsi o. 10 Eye Yehowa tsɔ kpe gbadzɛ eveawo, esiwo dzi Mawu tsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ nu ɖo la nam, eye nya siwo katã Yehowa gblɔ na mi le toa gbɔ tso dzo me le takpegbe* la, le wo dzi.+ 11 Eye le ŋkeke blaeneawo kple zã blaeneawo ƒe nuwuwu la, Yehowa tsɔ kpe gbadzɛ eveawo, siwo nye nubabla ƒe kpe gbadzɛawo nam, 12 eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Tso, ɖi tso afi sia kaba, elabena wò dukɔ si nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la wɔ nu tovo.+ Wotrɔ ɖa kaba tso mɔ si meɖo na wo la dzi. Wowɔ galegba* na wo ɖokui.’+ 13 Eye Yehowa gagblɔ nam be: ‘Mekpɔ dukɔ sia, eye kpɔ ɖa, dukɔ sẽdzime* wònye.+ 14 Ðe asi le ŋunye ne matsrɔ̃ wo gbidii, eye matutu woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te, eye mawɔ wò nàzu dukɔ, si asẽ ŋu eye wòasɔ gbɔ wu wo.’+
15 “Emegbe metrɔ heɖi tso to la dzi, esime to la le bibim;+ eye melé nubabla ƒe kpe gbadzɛ eveawo ɖe nye asi eveawo.+ 16 Eye kpɔ ɖa, miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu! Mietsɔ ga* wɔ nyivi na mia ɖokui. Mietrɔ ɖa kaba tso mɔ si Yehowa ɖo na mi la dzi.+ 17 Eye metsɔ kpe gbadzɛ eve siwo le nye asi eveawo la xlã ɖe anyi wogbã le mia ŋkume.+ 18 Eye metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene abe tsã ene. Nyemeɖu nu alo no tsi o,+ le nu vɔ̃ siwo katã miewɔ esi miewɔ nu vɔ̃ɖi le Yehowa ŋkume tsɔ do dziku nɛ ta. 19 Elabena dziku helĩhelĩ si Yehowa do ɖe mia ŋu,+ be yeatsrɔ̃ mi gbidii la dzi ŋɔ nam. Ke Yehowa ɖo tom ɣemaɣi hã.+
20 “Dzi ku Yehowa ɖe Aron hã ŋu ŋutɔ, eye wòdi be yeatsrɔ̃e hafi,+ ke meƒo koko ɖe Aron hã ta ɣemaɣi. 21 Eye metsɔ nyivi,+ si nye nu vɔ̃ miewɔ la, de dzo me, megbãe hetui va se ɖe esime wòme biɖibiɖi abe ʋuʋudedi ene; emegbe melɔe kɔ ɖe tɔ si si tso toa dzi la me.+
22 “Miegado dziku na Yehowa le Tabera,+ Masa+ kple Kibrot-Hataava.+ 23 Esi Yehowa dɔ mi tso Kades-Barnea+ gblɔ be, ‘Miyi ne miaxɔ anyigba si matsɔ ana mi wòazu mia tɔ!’ la, miegadze aglã ɖe Yehowa mia Mawu ƒe sedede la ŋu,+ miexɔ eya amea dzi se o,+ eye mieɖo toe o. 24 Tso gbe si gbe menya mi la, aglã ko dzem miele ɖe Yehowa ŋu.
25 “Eya ta metsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ŋkume ŋkeke blaene kple zã blaene;+ esi Yehowa gblɔ be yeatsrɔ̃ mi tae metsyɔ mo anyi alea ɖo. 26 Eye meƒo koko na Yehowa be: “Oo, Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, mègatsrɔ̃ wò dukɔ la o. Wò ŋutɔ wò nunɔamesie* wonye,+ ame siwo nètsɔ wò ŋusẽ gã ɖe, eye nètsɔ asi sesẽ kplɔ tso Egipte.+ 27 Ðo ŋku wò subɔla Abraham, Isak kple Yakob dzi.+ Ðe kɔ ɖa le dukɔ sia ƒe dzimesesẽ kple woƒe vɔɖivɔ̃ɖi kpakple woƒe nu vɔ̃ la ŋu.+ 28 Ne menye nenema o la, anyigba si dzi nèkplɔ mí tsoe la dzi nɔlawo agblɔ be: “Yehowa mete ŋu kplɔ wo yi anyigba si ŋugbe wòdo na wo la dzi o, eye esi wòlé fu wo tae wòkplɔ wo dzoe be yeawu wo le gbea dzi.”+ 29 Elabena wò dukɔ kple wò ŋutɔ wò nunɔamesi*+ si nètsɔ wò ŋusẽ gã kple wò alɔ si nèdo ɖa kplɔ lae wonye.’+
10 “Yehowa gblɔ nam ɣemaɣi be: ‘Kpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔawo ene,+ eye nàva gbɔnye le to la dzi; azɔ hã, tsɔ ati kpa aɖaka. 2 Ne maŋlɔ nya siwo dze le kpe gbadzɛ gbãtɔ siwo nègbã dzi la ɖe kpe gbadzɛawo dzi, eye nàtsɔ wo ade aɖaka la me.’ 3 Eya ta metsɔ akasiati kpa aɖaka, eye mekpa kpe gbadzɛ eve abe gbãtɔawo ene, eye metsɔ kpe gbadzɛ eveawo ɖe asi lia to la.+ 4 Eye wògaŋlɔ nya siwo wòŋlɔ tsã,+ siwo nye Se Ewoawo,*+ siwo Yehowa gblɔ na mi tso dzo me+ le to la gbɔ le gbe si gbe ha* la ƒo ƒu+ la ɖe kpe gbadzɛawo dzi; eye Yehowa tsɔ wo nam. 5 Azɔ metrɔ, eye meɖi tso to+ la dzi hetsɔ kpe gbadzɛawo de aɖaka si mekpa la me, eye wotsi afi ma, abe ale si Yehowa de se nam ene.
6 “Eye Israel-viwo ho tso Beerot Bene-Yaakan ɖo ta Moserot. Afi mae Aron ku ɖo, eye woɖii ɖe afi ma,+ eye via Eleazar zu nunɔla ɖe eteƒe.+ 7 Woho tso afi ma ɖo ta Gudgoda, eye tso Gudgoda woɖo ta Yotbata,+ anyigba si dzi tɔsisiwo* le sisim le.
8 “Ɣemaɣi la, Yehowa ɖe Lewi-to+ la ɖe vovo, be woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka+ la, woatɔ ɖe Yehowa ŋkume ahasubɔe, eye woayra ame le eƒe ŋkɔ me,+ abe ale si wowɔna va se ɖe egbe ene. 9 Esia tae womena gome alo domenyinu aɖeke Lewi kpe ɖe nɔviawo ŋu o. Yehowae nye eƒe domenyinu, abe ale si Yehowa mia Mawu gblɔ nɛ ene.+ 10 Eye nye ŋutɔ menɔ to la dzi ŋkeke blaene kple zã blaene,+ abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene, Yehowa ɖo tom ɣemaɣi hã.+ Eye Yehowa medi be yeatsrɔ̃ mi o. 11 Azɔ Yehowa gblɔ nam be: ‘Dze dukɔ la ŋgɔ ne miayi aɖaxɔ anyigba si ŋu meka atam ɖo na wo tɔgbuiwo be matsɔ ana wo wòazu wo tɔ la.’+
12 “Azɔ Israel, nu ka biam Yehowa wò Mawu le tso asiwò?+ Esia ko: Be nàvɔ̃ Yehowa wò Mawu+ la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi+ ahalɔ̃e, eye nàsubɔ Yehowa wò Mawu tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo me,+ 13 eye nàlé Yehowa ƒe sededewo kple eƒe ɖoɖo siwo tsɔm mele na wò egbe la me ɖe asi, ne eme nanyo na wò.+ 14 Kpɔ ɖa, Yehowa wò Mawu tɔe nye dziƒowo, ɛ̃, dziƒowo ƒe dziƒowo,* kple anyigba la kpakple edzinuwo katã.+ 15 Le anyigbadzidukɔwo katã dome la, tɔgbuiwòwo ŋu koe Yehowa te ɖo helɔ̃ wo, eye wòtia mi, ame siwo nye woƒe dzidzimeviwo,+ abe ale si wòle egbe sia ene. 16 Azɔ mikɔ miaƒe dziwo ŋu,*+ eye midzudzɔ dzimesesẽ.*+ 17 Elabena Yehowa mia Mawu la, mawuwo dzi Mawu+ kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ wònye, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le wònye, mekpɔa ame ŋkume o,+ eye mexɔa zãnu o. 18 Ame si drɔ̃a ʋɔnu na tsyɔ̃evi* kple ahosi,+ eye wòlɔ̃a amedzro+ henaa nuɖuɖu kple awudodoe. 19 Miawo hã milɔ̃ amedzro, elabena mienye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpɔ.+
20 “Yehowa wò Mawu lae nàvɔ̃, eyae nàsubɔ,+ eya ŋue nàku ɖo goŋgoŋ, eye eƒe ŋkɔe nàtsɔ aka atam. 21 Eyae nye Ame si nàkafu.+ Eyae nye wò Mawu, ame si wɔ nu gã dziŋɔ siwo wò ŋkuwo kpɔ la na wò.+ 22 Ame* blaadree tɔgbuiwòwo nye hafi yi Egipte,+ ke azɔ Yehowa wò Mawu na nèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.+
11 “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu+ la, eye nàwɔ nu si wòbia tso asiwò, eye nàlé eƒe ɖoɖowo, eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo, kple eƒe sededewo me ɖe asi ɣeawokatãɣi. 2 Minyae be miawoe mele nu ƒom na egbea, ke menye mia vi siwo menya alo kpɔ Yehowa mia Mawu+ ƒe amehehe, eƒe gãnyenye,+ eƒe asi sesẽ+ kple eƒe alɔ si wodo ɖa la o. 3 Womekpɔ eƒe dzesiwo kple dɔ siwo wòwɔ le Egipte ɖe Egipte-fia Farao kple eƒe anyigba blibo la katã ŋu,+ 4 alo nu si wòwɔ Egipte-ʋakɔwo, Farao ƒe sɔwo kple eƒe aʋatasiaɖam siwo dzi Ƒudzĩa ŋe ɖo esime woti wo yome, eye Yehowa tsrɔ̃ wo gbidii*+ la o. 5 Womekpɔ nu si wòwɔ na mi le gbea dzi, va se ɖe esime mieva teƒe sia, 6 alo nu si wòwɔ Ruben vi Eliab viŋutsu Datan kple Abiram, esime anyigba ke nu mi wo kple woƒe aƒemetɔwo, woƒe agbadɔwo kple nu gbagbe ɖe sia ɖe si le wo ŋu le Israel bliboa ŋkume+ la o. 7 Miawo ŋutɔ miekpɔ dɔ gã siwo katã Yehowa wɔ.
8 “Milé se siwo katã dem mele na mi egbe la me ɖe asi, ale be ŋusẽ nanɔ mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba si dzi yim miele la wòazu mia tɔ, 9 ne miaƒe ŋkekewo nasɔ gbɔ+ le anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo be yeatsɔ ana mia tɔgbuiwo kple woƒe dzidzimeviwo+ la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le.+
10 “Elabena anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò la mele abe Egipte-nyigba si dzi miedzo le la ene o, afi si nèƒãa nuku eye nèkua kutri dea tsii* abe ale si nàde tsi amagbebɔ ene o. 11 Ke boŋ towo kple baliwo+ le anyigba si dzi yim nèle aɖaxɔ wòazu tɔwò la dzi. Enoa tsi si dzana tso dziƒo;+ 12 anyigba si Yehowa wò Mawu léa be nae wònye. Yehowa wò Mawu ƒe ŋkuwo le eŋu ɣesiaɣi, tso ƒea ƒe gɔmedzedze va se ɖe ƒea ƒe nuwuwu.
13 “Eye ne mieɖo to nye se siwo dem mele na mi egbea la pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa mia Mawu la, eye miesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ* blibo+ me la, 14 ekema nye hã mana tsi nadza ɖe miaƒe anyigba dzi le edzaɣi, keletsi kple adatsi, eye àƒo wò agblemenuku kple wò wain yeye kpakple wò ami nu ƒu.+ 15 Mana gbe namie ɖe gbedzi na wò lãwo, eye àɖu nu aɖi ƒo.+ 16 Mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagable mi miatra mɔ aɖasubɔ mawu bubuwo ahade ta agu na wo o.+ 17 Ne menye nenema o la, Yehowa ƒe dziku afla ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒowo nu be tsi magadza o,+ eye anyigba la mawɔ nu o, ale be miatsrɔ̃ avɔ kaba le anyigba nyui si Yehowa tsɔ le mia nam la dzi.+
18 “Mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ* me, eye mibla wo ɖe miaƒe asi ŋu abe ŋkuɖodzinu ene, eye woanɔ abe ŋgoblanu ene le miaƒe ŋgonu.*+ 19 Mifia wo mia viwo, eye miƒo nu le wo ŋu ne miebɔbɔ nɔ aƒe me, ne miele mɔ dzi, ne miemlɔ anyi, alo miefɔ.+ 20 Miŋlɔ wo ɖe miaƒe aƒe ƒe ʋɔtrutiwo kple miaƒe agbowo ŋu, 21 ne mia kple mia viwo mianɔ agbe didi+ le anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia tɔgbuiwo+ be yeatsɔ ana wo la dzi, mianɔ edzi ɖaa abe ale si dziƒowo anɔ anyigba tame ɖaa ene.
22 “Ne mielé se siawo siwo katã dem mele na mi egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa mia Mawu+ la, miezɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye mieku ɖe eŋu goŋgoŋ+ la, 23 ekema Yehowa anya dukɔ siawo katã ɖa le mia ŋgɔ,+ eye miaxɔ dukɔ siwo lolo hesɔ gbɔ wu mi+ la ƒe anyigba. 24 Teƒe sia teƒe si miaɖo afɔe la, azu mia tɔ.+ Miaƒe liƒo atso gbedzi va se ɖe Lebanon, tso Tɔsisi, si nye Frat-tɔsisi, la gbɔ va se ɖe ɣetoɖoƒeƒu* la nu.+ 25 Ame aɖeke manɔ te ɖe mia nu o.+ Yehowa mia Mawu ana ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ si le mia ŋu la naɖo anyigba siwo katã dzi miaɖo afɔe la dzi nɔlawo,+ abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene.
26 “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea:+ 27 ne mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe se siwo dem mele na mi egbe la, ekema anye yayra na mi,+ 28 ke ne miegbe toɖoɖo Yehowa mia Mawu ƒe sededewo,+ eye mietrɔ tso mɔ si meɖo na mi egbe la dzi, eye miedze mawu bubu siwo mienya o yome la, ekema anye fiƒode na mi.
29 “Eye ne Yehowa wò Mawu kplɔ wò va anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò dzi la, ekema nàyra ame le Gerizim To la dzi, eye nàƒo fi de ame le Ebal To+ la dzi. 30 Kpɔ ɖa, to siawo le Yordan ƒe go si le ɣetoɖoƒe gome, le Kanaantɔ siwo le Araba* ƒe anyigba dzi, le Gilgal ŋgɔ, le More ƒe ati gãwo gbɔ.+ 31 Elabena miele Yordan tso ge be miaxɔ anyigba si Yehowa mia Mawu tsɔ le mia nam la wòazu mia tɔ.+ Ne mixɔe hele edzi la, 32 ke ele na mi be miawɔ se kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo katã metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea la dzi.+
12 “Esiawoe nye se kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo me mialé ɖe asi le ŋkeke siwo katã me mianɔ agbe le anyigba si Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la, atsɔ ana mi wòazu mia tɔ la dzi. 2 Migblẽ teƒe siwo katã dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge miala la subɔa woƒe mawuwo+ le, eɖanye le to kɔkɔwo dzi, togbɛwo dzi loo alo ati damawo katã te o, la dome keŋkeŋ. 3 Mimu woƒe vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, migbã woƒe trɔ̃sɔtiwo,+ mitɔ dzo woƒe Asera-tiwo,* mimu woƒe mawuwo ƒe legbawo+ ƒu anyi, eye mitutu woƒe ŋkɔwo ɖa le afi ma.+
4 “Migasubɔ Yehowa mia Mawu la nenema o.+ 5 Ke boŋ midi Yehowa mia Mawu la yome mɔ le teƒe si wòatia le miaƒe toawo katã me be yeana yeƒe ŋkɔ nanɔ la, eye miayi afi ma.+ 6 Afi ma miatsɔ miaƒe numevɔsawo+ kple miaƒe vɔsa bubuwo, miaƒe nuwo ƒe ewolia,+ miaƒe nudzɔdzɔwo,+ miaƒe adzɔgbeɖenunanawo, miaƒe lɔlɔ̃nu faa nunanawo+ kpakple miaƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo+ ayii. 7 Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu le afi ma le Yehowa mia Mawu ŋkume,+ eye miakpɔ dzidzɔ le dɔ siwo katã miewɔ la ŋuti,+ elabena Yehowa mia Mawu la yra mi.
8 “Migawɔ abe ale si míele wɔwɔm le afi sia egbe sia, eye ame sia ame le nu si dze eya ŋutɔ ŋu wɔm* la ene o, 9 elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe+ la hexɔ domenyinu si Yehowa mia Mawu la le mia na ge la haɖe o. 10 Ne mietso Yordan+ eye mieyi ɖanɔ anyigba si Yehowa mia Mawu tsɔ le mia na ge wòazu mia tɔ dzi la, ana gbɔdzɔe mi tso miaƒe futɔ siwo katã ƒo xlã mi la si me, eye mianɔ anyi bɔkɔɔ.+ 11 Miatsɔ nu siwo katã ƒe se dem mele na mi la ayi teƒe si Yehowa mia Mawu atia be yeana yeƒe ŋkɔ nanɔ+ la—miaƒe numevɔsawo kple miaƒe vɔsa bubuwo, miaƒe nuwo ƒe ewolia,+ miaƒe nudzɔdzɔwo kple nunana ɖe sia ɖe si miatsɔ aɖe adzɔgbe na Yehowa. 12 Eye mia kple mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo, miaƒe kluviwo kple miaƒe kosiwo kpakple Lewi vi siwo le miaƒe duwo* me si womena gome alo domenyinu aɖeke kpe ɖe mia ŋu o+ la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa mia Mawu ŋkume.+ 13 Kpɔ nyuie be màgasa wò numevɔ le teƒe sia teƒe si nèkpɔ la o.+ 14 Ele be nàsa wò numevɔwo le teƒe si ko Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka ƒe anyigba dzi, eye afi mae nàwɔ nu siwo katã ƒe se dem mele na wò la le.+
15 “Ke ɣesiaɣi si lã dzro wò* la, àte ŋu awui, eye nàɖui+ le ale si Yehowa wò Mawu yra wòe la nu, le wò duwo* katã me. Ame si ŋu mekɔ o kple ame si ŋu kɔ la siaa ate ŋu aɖui, abe ale si woɖua sãde alo zi ene. 16 Gake migaɖu ʋu la o;+ ɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.+ 17 Mèkpɔ mɔ aɖu wò agblemenuku alo wò wain yeye alo wò ami ƒe ewolia, wò nyiwo kple wò alẽwo ƒe vi gbãtɔwo,+ wò nu siwo nèɖe adzɔgbe na la dometɔ aɖeke, wò lɔlɔ̃nu faa nunanawo alo wò nudzɔdzɔwo le wò duwo* me o. 18 Yehowa wò Mawu ŋkumee nàɖu wo le, le teƒe si Yehowa wò Mawu atia+—wò kple viwòŋutsu, viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu kple Lewi vi si le wò duwo* me; eye nàkpɔ dzidzɔ le Yehowa wò Mawu la ŋkume le dɔ siwo katã nèwɔ la ŋuti. 19 Kpɔ nyuie, be nàgagblẽ Lewi vi la ɖi le ŋkeke siwo katã nànɔ wò anyigba dzi la me o.+
20 “Ne Yehowa wò Mawu keke wò anyigba ɖe enu,+ abe ale si wòdo ŋugbe na wò ene,+ eye nègblɔ be, ‘Maɖu lã,’ elabena lã le dzrowòm* la, àte ŋu aɖui faa ɣesiaɣi si lã dzro wò.*+ 21 Ne teƒe si Yehowa wò Mawu atia be yeana yeƒe ŋkɔ nanɔ+ la didi tso gbɔwò la, ekema nàwu nyi alo alẽ siwo Yehowa na wò la dometɔ aɖewo, abe ale si tututu mede se na wò ene, eye nàɖui le wò duwo* me ɣesiaɣi si wòdzro wò.* 22 Ðui abe ale si woɖua sãde kple zi+ ene; ame si ŋu mekɔ o kple ame si ŋu kɔ siaa ate ŋu aɖui. 23 Gake ɖoe kplikpaa be màgaɖu ʋu o,+ elabena ʋu lae nye agbe* la,+ eye mègaɖu agbe* la kpe ɖe ŋutilã la ŋu o. 24 Mègaɖui o. Ðuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.+ 25 Mègaɖui o, ne eme nanyo na wò kple megbewòviwo, le esi nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume ta. 26 Wò nu kɔkɔe siwo asu asiwò kple wò adzɔgbeɖenunanawo koe nàtsɔ ayi teƒe si Yehowa atia la. 27 Afi mae nàtsɔ wò numevɔsawo, lã la kple ʋu+ la, ana le Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi le, eye woakɔ wò vɔsalãwo ƒe ʋu ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la te,+ ke àte ŋu aɖu lãa ya.
28 “Wɔ nya siawo, siwo katã ƒe se dem mele na wò la dzi pɛpɛpɛ, ne eme nanyo na wò kple megbewòviwo ɖaa, le esi nèwɔ nu si nyo hele dzɔdzɔe le Yehowa wò Mawu ŋkume la ta.
29 “Ne Yehowa wò Mawu tsrɔ̃ dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge nàla,+ eye nèxɔe hele edzi la, 30 kpɔ nyuie be woagazu mɔ̃ na wò esi wotsrɔ̃ wo le ŋgɔwò vɔ megbe o. Mègabia woƒe mawuwo ta se agblɔ be, ‘Aleke dukɔ siawo subɔa woƒe mawuwoe? Nye hã mawɔe nenema’+ o. 31 Mègawɔ ɖe Yehowa wò Mawu ŋu nenema o, elabena ŋunyɔnu siwo katã Yehowa lé fui lae wowɔna na woƒe mawuwo, wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.+ 32 Miwɔ nya siwo katã ƒe se mede na mi dzi pɛpɛpɛ.+ Migatsɔ ɖeke kpee o, eye migaɖe ɖeke le eme hã o.+
13 “Ne nyagblɔɖila alo ame si gblɔa nya ɖi to drɔ̃ewo dzi la tso le mia dome, eye wòwɔ dzesi alo nukunu aɖe na mi, 2 eye dzesi alo nukunu, si ŋu wòƒo nu le na mi la va eme, gake wògblɔ be, ‘Mina míadze mawu bubu yome,’ mawu siwo mienya o, ‘eye míasubɔ wo’ la, 3 mègaɖo to nyagblɔɖila ma alo drɔ̃ekula ma ƒe nyawo o,+ elabena ɖe Yehowa mia Mawu la le mia dom kpɔ,+ ne yeanya ne mielɔ̃ Yehowa mia Mawu la tso dzi blibo kple luʋɔ* blibo+ me hã. 4 Yehowa mia Mawu la yomee miadze, eyae miavɔ̃, eƒe sededewo mee mialé ɖe asi, eye eƒe gbee miaɖo to; eyae miasubɔ, eye eya ŋue miaku ɖo.+ 5 Ke miwu nyagblɔɖila ma alo drɔ̃ekula ma,+ elabena egblɔ be woadze aglã ɖe Yehowa mia Mawu, ame si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, eye wòɖe wò tso kluviƒe me la ŋu, be nàtrɔ ɖa le mɔ si dzi Yehowa wò Mawu ɖo na wò be nàzɔ la dzi. Eye nàɖe nu si nye vɔ̃ la ɖa le dowòme.+
6 “Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawò ƒe vi, alo viwòŋutsu alo viwònyɔnu alo srɔ̃wò lɔlɔ̃a alo xɔ̃wò vevitɔ kekeake,* dze agbagba be yeable nuwò le adzame hegblɔ be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo,’+ mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o, 7 siwo nye dukɔ siwo ƒo xlã mi, esiwo te ɖe mia ŋu alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ, tso anyigba la ƒe go si me va se ɖe anyigba la ƒe go kemɛ me la, ƒe mawuwo dometɔ aɖewo la, 8 mègalɔ̃ ɖe edzi nɛ alo aɖo toe o,+ eye mègakpɔ nublanui nɛ alo ase veve ɖe enu o, eye mègaɣla eta o; 9 ke boŋ ele be nàwui kokoko.+ Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eyome dukɔ bliboa hã nakpe asi ɖe ŋuwò.+ 10 Ele be nàƒu kpee wòaku,+ elabena edi be yeana nàtrɔ ɖa le Yehowa wò Mawu, ame si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi, tso kluviƒe me la yome. 11 Ekema Israel blibo la katã asee, eye woavɔ̃, eye womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi le mia dome azɔ o.+
12 “Ne èsee wogblɔ le wò du siwo Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be nànɔ wo me la dometɔ aɖe me be, 13 ‘Ŋutsu yakame aɖewo tso mia dome, eye wole agbagba dzem be yewoatrɔ woƒe dua me nɔlawo ƒe susu hegblɔ be, “Mina míayi aɖasubɔ mawu bubuwo,” mawu siwo mienya o’ la, 14 ekema nàdi nya la gɔme, eye nàku nu me tsitotsito ahabia se;+ eye ne kpeɖodzi le eŋu be wowɔ ŋunyɔnu sia le mia dome nyateƒe la, 15 ekema nàwu du ma me nɔlawo katã kple yi.+ Tsrɔ̃ wo kple woƒe nuwo katã hekpe ɖe woƒe lãwo katã ŋu.+ 16 Eye nàlɔ aboyonuawo katã akɔ ɖe du la ƒe ablɔ me, eye nàtɔ dzo du la kple aboyonuawo katã wòanye vɔsa blibo na Yehowa wò Mawu. Eye dua nazu glikpo ɖaa. Womagbugbɔe atso gbeɖe o. 17 Mègaka asi nu siwo woɖo be woatsrɔ̃* la ŋu o,+ ne Yehowa naɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, ne wòakpɔ nublanui na wò ahave nuwò, eye wòana nàdzi ɖe edzi, abe ale si tututu wòka atam na tɔgbuiwòwo ene.+ 18 Elabena ele be nàɖo to Yehowa wò Mawu* alé eƒe se siwo katã dem mele na wò egbe la me ɖe asi, ne nàwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa wò Mawu ŋkume.+
14 “Yehowa mia Mawu ƒe viwoe mienye. Eya ta ne ame ku la, migasi miaƒe ŋutilã+ alo aƒlɔ miaƒe ŋgonu* kolikoli o.+ 2 Elabena dukɔ kɔkɔe nènye+ na Yehowa wò Mawu, eye Yehowa tia wò tso dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome be nàzu yeƒe dukɔ, yeƒe nunɔamesi tɔxɛ.*+
3 “Mègaɖu ŋunyɔnu aɖeke o.+ 4 Lã siwo miaɖue nye esi:+ nyi, alẽ, gbɔ̃, 5 zi, sãde, sẽ, adzɔke, avugbɔ̃e, afià kple todzilẽwo. 6 Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe keŋkeŋ, eye wodzɔa nu gaɖuna. 7 Ke lã siwo dzɔa nu gaɖuna, alo esiwo ƒe afɔkli me fe la dometɔ siwo miaɖu o lae nye: kposɔ, fɔmizi kple hotoklolo, elabena wodzɔa nu gaɖuna gake woƒe afɔkli me mefe o. Nu makɔmakɔwo wonye na mi.+ 8 Migaɖu ha hã o, elabena eƒe afɔkli me fe, gake medzɔa nu gaɖuna o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. Migaɖu woƒe lã alo aka asi woƒe kukuawo ŋu o.
9 “Tɔmelã siwo katã miate ŋu aɖu la woe nye: Lã siwo katã ŋu adza kple tsro le.+ 10 Ke migaɖu nu siwo katã ŋu adza kple tsro mele o la o. Nu makɔmakɔ wonye na mi.
11 “Miate ŋu aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. 12 Ke esiwo miaɖu o la woe nye esi: hɔ̃, akpo, gbagblaxetsu,+ 13 doɖi, aʋako kple ayisu ɖe sia ɖe ƒomevi, 14 akpaviã ƒomeviwo katã; 15 golo,* favieʋuto, tsalɛ̃, xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi, 16 ʋlukuku, favieʋuto ƒomeviwo, tɔkpakpaxe, 17 aluge, akaga, tsimese, 18 damixe, aŋɔɣi ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. 19 Nu dzodzoe siwo katã nɔa ha me la hã nye nu makɔmakɔ na mi. Migaɖu wo o. 20 Miate ŋu aɖu nuwɔwɔ siwo dzona, siwo ŋu kɔ la dometɔ ɖe sia ɖe.
21 “Migaɖu lã si ku le eɖokui si la o.+ Àte ŋu atsɔe ana amedzro si le wò duwo* me wòaɖu; alo àte ŋu adzrae na du bubu me tɔ, elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa wò Mawu.
“Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.+
22 “Ele be nàna wò agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe.+ 23 Eye nàno wò wain yeye ƒe ewolia, nàɖu wò nuku, kple wò ami ƒe ewolia, kpakple wò nyiwo kple wò alẽwo ƒe vi gbãtɔwo le Yehowa wò Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia be yeƒe ŋkɔ nanɔ,+ ne nàsrɔ̃ ale si nàvɔ̃ Yehowa wò Mawu la ɣeawokatãɣi.+
24 “Ke ne mɔa didi na wò akpa, eye màte ŋu atsɔ nu siawo ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia be yeƒe ŋkɔ nanɔ+ la o, le esi teƒea didi akpa tso gbɔwò ta la (elabena Yehowa wò Mawu ayra wò), 25 ekema nàdzra wo, eye nàtsɔ ga la ɖe asi ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia la. 26 Eye nàtsɔ ga la aƒle nu sia nu si adzro wò,* eɖanye nyiwo, alẽwo, gbɔ̃wo, wain kple aha muame bubuwo, alo nu sia nu si dze ŋuwò;* eye nàɖu nu le afi ma le Yehowa wò Mawu la ŋkume, eye wò kple wò aƒemetɔwo miakpɔ dzidzɔ.+ 27 Eye mègagblẽ Lewi vi si le wò duwo me la ɖi o,+ elabena womena gome alo domenyinu aɖekee kpe ɖe ŋuwò o.+
28 “Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ ƒe nuwuwu la, nàtsɔ ƒe ma me agblemenuwo katã ƒe ewolia ava da ɖe wò duwo me.+ 29 Eye Lewi vi, si womena gome alo domenyinu aɖeke kpe ɖe ŋuwò o, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la nava, eye woaɖu nu aɖi ƒo;+ ne Yehowa wò Mawu nayra wò le nu siwo katã nèwɔna la me.+
15 “Le ƒe adre sia ƒe adre ƒe nuwuwu la, nàtsɔ fe ake.+ 2 Ale si woatsɔ fe akee nye esi: fetɔ ɖe sia ɖe atsɔ fe si ehavi nyi le eŋu la ake. Megaƒoe ɖe ehavi alo nɔvia nu be wòaxe fea o, elabena woaɖe gbeƒãe be wotsɔ fe ke le Yehowa ŋkume.+ 3 Àte ŋu aƒoe ɖe amedzro+ nu be wòaxe fea, ke ele be nàɖe asi le wò nu sia nu si le nɔviwò gbɔ la ŋu. 4 Ke mele be ame aɖeke nanye ame dahe le dowòme o, elabena Yehowa ayra wò godoo+ le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòanye wò domenyinu la dzi, 5 ne ènya ɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe, eye nèwɔ se siwo katã dem mele na wò egbea la dzi pɛpɛpɛ ko.+ 6 Elabena Yehowa wò Mawu ayra wò, abe ale si wòdo ŋugbe na wòe ene, eye àdo nu* na dukɔ geɖewo gake mahiã be wò ya nàdo naneke o;+ àkpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ geɖewo dzi, gake womakpɔ ŋusẽ ɖe wò ya dziwò o.+
7 “Ne nɔviwòwo dometɔ aɖe da ahe le mia dome le wò du aɖe me, le wò anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm dzi la, mègasẽ wò dzi me alo amia asi me ɖe nɔviwò dahe la o.+ 8 Ke boŋ nàʋu wò asi me nɛ dɔmenyotɔe,+ eye nàdo nu sia nu si hiãe, si mele esi o la nɛ. 9 Kpɔ nyuie be susu vɔ̃ aɖeke nàgaɖo wò dzi me, ne nàgblɔ be, ‘Ƒe adrelia si nye ablɔɖeƒe la gogo,’+ eye nàgbe dɔmenyonyo na nɔviwò dahe la, ale be màna nanekee o. Ne edo ɣli na Yehowa le tawò la, azu nu vɔ̃ na wò.+ 10 Ele be nàna nui faa,+ eye mègafa konyi* tso eŋu o, elabena esia tae Yehowa wò Mawu ayra wò le nu sia nu si nàwɔ kple dɔ sia dɔ si nàwɔ me ɖo.+ 11 Elabena ame dahewo anɔ anyigba la dzi ɣesiaɣi kokoko.+ Esia tae mele se dem na wò be: ‘Ʋu wò asi me nànyo dɔme na nɔviwò si hiã tu, eye wòda ahe le wò anyigba dzi.’+
12 “Ne wodzra nɔviwò, Hebri ŋutsu alo Hebri nyɔnu na wò, eye wòsubɔ wò ƒe ade la, ekema nàɖe asi le eŋu le ƒe adrelia me ahana ablɔɖee wòadzo.+ 13 Eye ne èna ablɔɖee be wòadzo la, mègana wòayi asi ƒuƒlu o. 14 Na nui faa tso wò lãhawo dome, tso wò nukuƒoƒe, wò amiɖaƒe kple wainfiãƒe. Ale si Yehowa wò Mawu yra wòe la, nenema nue nàna nui ɖo. 15 Ðo ŋku edzi be ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa wò Mawu ɖe wò. Esia tae mele se sia dem na wò egbea ɖo.
16 “Gake ne egblɔ na wò be, ‘Nyemadzo le gbɔwò o!’ elabena elɔ̃ wò kple wò aƒemetɔwo, le esi wòkpɔ dzidzɔ le gbɔwò ta la,+ 17 ekema kplɔe yi ʋɔtru ŋu nàtsɔ nuŋɔnui aŋɔ to nɛ ate ɖe ʋɔtrua ŋu, ne wòazu wò kluvi le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Aleae nàwɔ na wò kosi hã. 18 Ne èna ablɔɖee wòdzo le gbɔwò la, megave wò o, elabena apadɔwɔla ƒe dɔwɔwɔ teƒe eve nue wòsubɔ wò ɖo ƒe ade, eye Yehowa wò Mawu yra wò le nu siwo katã nèwɔ la me.
19 “Kɔ wò nyiwo kple wò alẽwo ƒe vi gbãtɔ siwo katã nye atsu la ŋu na Yehowa wò Mawu.+ Mègazã wò nyiwo* ƒe vi gbãtɔ atsɔ awɔ dɔ aɖeke o, eye mègako fu na wò alẽwo ƒe vi gbãtɔ hã o. 20 Ele be wò kple wò aƒemetɔwo miaɖui le Yehowa wò Mawu ŋkume ƒe sia ƒe, le teƒe si Yehowa atia.+ 21 Ke ne nu wɔ afi aɖe nɛ, eƒe ŋku gbã, alo nu gblẽ le eƒe teƒe bubu aɖe ŋu vevie la, mègatsɔe sa vɔ na Yehowa wò Mawu la o.+ 22 Ðui le wò duwo* me, ame si ŋu mekɔ o kple ame si ŋu kɔ siaa ate ŋu aɖui, abe ale si woɖua sãde kple zi ene.+ 23 Gake mègaɖu eƒe ʋu o;+ ɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.+
16 “Nɔ ŋku ɖom ɣleti Abib* dzi, eye nàɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa wò Mawu,+ elabena ɣleti Abib mee Yehowa wò Mawu kplɔ wò tso Egipte le zã me.+ 2 Eye nàtsɔ ŋutitotolã, eɖanye alẽ alo nyi o,+ asa vɔ na Yehowa wò Mawu+ le teƒe si Yehowa atia be yeƒe ŋkɔ nanɔ la.+ 3 Mègatsɔ nu ʋaʋã aɖeke ɖui o;+ ɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo, si nye fukpekpebolo, ŋkeke adre, elabena kplakplakpla dzie nènɔ dzo le Egipte-nyigba dzi.+ Wɔ alea nàtsɔ anɔ ŋku ɖom ŋkeke si dzi nèʋu dzo le Egipte-nyigba dzi le wò agbemeŋkekewo katã me.+ 4 Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋã aɖeke le gbɔwò le wò anyigba blibo la katã dzi o ŋkeke adre,+ eye lã si nàtsɔ asa vɔ le fiẽ me le ŋkeke gbãtɔ dzi la ƒe ɖeke megatsi anyi le zã me ŋu nake ɖe edzi o.+ 5 Mèkpɔ mɔ asa Ŋutitotovɔ la le wò du siwo Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm la dometɔ ɖe sia ɖe ko me o. 6 Ke boŋ nàsa vɔ la le teƒe si Yehowa wò Mawu atia be yeƒe ŋkɔ nanɔ la. Ele be nàsa Ŋutitotovɔ la le fiẽ me, ne ɣe ɖo to teti ko,+ le ɣeyiɣi si tututu mieʋu dzo le Egipte la dzi. 7 Eye nàmèe ahaɖui+ le teƒe si Yehowa wò Mawu atia,+ eye ne ŋu ke la, nàtrɔ ayi wò ŋutɔ wò agbadɔ me. 8 Ŋkeke ade nàɖu amɔwɔ maʋamaʋã bolo, eye ŋkeke adrelia nye takpegbe tɔxɛ na Yehowa wò Mawu. Mègawɔ dɔ aɖeke o.+
9 “Nàxlẽ kwasiɖa adre. Ne wotsɔ hɛ gobɛ dze nuku si le bo dzi xaxa gɔme ko la, ekema nàdze kwasiɖa adreawo xexlẽ gɔme.+ 10 Emegbe nàɖu Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui na Yehowa wò Mawu,+ eye natsɔ nu siwo su asiwò la ƒe ɖe awɔ lɔlɔ̃nu faa nunanae, le ale si Yehowa wò Mawu yra wòe la nu.+ 11 Eye wò kple viwòŋutsu, viwònyɔnu, wò kluvi, wò kosi kple Lewi vi si le wò duwo* me, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi siwo le dowòme siaa miakpɔ dzidzɔ le Yehowa wò Mawu ŋkume le teƒe si Yehowa wò Mawu atia be yeƒe ŋkɔ nanɔ la.+ 12 Ðo ŋku edzi be yenye kluvi le Egipte kpɔ,+ eye nànɔ ŋku ɖom ɖoɖo siawo dzi ahanɔ wo dzi wɔm.
13 “Ne èƒo wò nukuwo, wò ami, kple wò wain nu ƒu vɔ la, ekema nàɖu Agbadɔŋkekenyui+ ŋkeke adre. 14 Eye wò kple viwòŋutsu, viwònyɔnu, wò kluvi, wò kosi, Lewi vi, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyui la dzi.+ 15 Ŋkeke adre sɔŋ nàɖu ŋkekenyui+ la na Yehowa wò Mawu, le teƒe si Yehowa atia, elabena Yehowa wò Mawu ayra wò agblemenuwo katã kple nu siwo katã nèwɔna,+ eye dzidzɔ sɔŋ ko nàkpɔ.+
16 “Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa wò Mawu la ŋkume zi etɔ̃ le ƒea me le teƒe si wòatia: le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui+ ɖuɣi, le Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui+ ɖuɣi kple Agbadɔŋkekenyui+ ɖuɣi, eye mele be wo dometɔ aɖeke nava Yehowa ŋkume asi gbɔlo o. 17 Nunana si ame sia ame atsɔ ɖe asi la nasɔ ɖe ale si Yehowa wò Mawu yrae la nu.+
18 “Nàɖo ʋɔnudrɔ̃lawo+ kple dzikpɔlawo na to sia to le du* siwo katã Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔ la. 19 Mègatrɔ gbo ʋɔnudɔdrɔ̃ o,+ mègakpɔ ame ŋkume,+ alo axɔ zãnu o, elabena zãnuxɔxɔ ɖe wògbãa ŋku na nunyalawo,+ eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya. 20 Dzɔdzɔenyenye—dzɔdzɔenyenye yomee nàti,+ ne nànɔ agbe, eye nàxɔ anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm la wòazu tɔwò.
21 “Mègatu Asera-ti+ aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui si nàɖi la gbɔ o.
22 “Mègawɔ trɔ̃sɔti aɖeke, si nye nu si Yehowa wò Mawu lé fui vevie la, hã na ɖokuiwò o.+
17 “Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si nu wɔ afi aɖe na, alo esi ŋu nane gblẽ le la, sa vɔ na Yehowa wò Mawu o; elabena anye ŋunyɔnu na Yehowa wò Mawu la.+
2 “Ne wokpɔ ŋutsu alo nyɔnu aɖe le dowòme, le du siwo Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm la dometɔ aɖe me, si wɔa nu si vɔ̃ɖi le Yehowa wò Mawu ŋkume, eye wòda eƒe nubabla dzi,+ 3 eye wòyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo alo de ta agu na ɣe alo ɣleti alo dziƒonuwo* katã,+ nu si ŋu nyemeɖe mɔ le o.+ 4 Ne wogblɔe na wò alo nèsee la, ekema nàku nya la me tsitotsito. Nenye nyateƒee+ be wowɔ ŋunyɔnu sia le Israel la, 5 ekema nàkplɔ ŋutsu alo nyɔnu si wɔ nu vɔ̃ɖi sia la ado go ɖe dua ƒe agbo nu, eye woaƒu kpe ŋutsu alo nyɔnu la wòaku.+ 6 Ðasefo eve alo ɖasefo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi*+ dzie woanɔ te ɖo awu ame si dze ku la. Womanɔ te ɖe ɖasefo ɖeka ƒe numenya dzi awui o.+ 7 Ðasefoawo natre kpeƒuƒui, eyome dukɔ blibo la hã naƒu kpee wòaku. Ele be nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+
8 “Ne nya sesẽ aɖe dzɔ le wò du aɖe me, eye edɔdrɔ̃ sesẽ na wò akpa la, eɖanye hlɔ̃donya+ alo ʋɔnunya alo ŋutasẽnuwɔna alo dzrenya o, ekema nàtso ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia la.+ 9 Yi nunɔla siwo nye Lewi viwo kple ʋɔnudrɔ̃la+ si li le ŋkeke mawo me la gbɔ, eye nàtsɔ nyaa aɖo wo ŋkume, eye woadrɔ̃ nya la na wò.+ 10 Azɔ nàwɔ ɖe afia si wotso le nyaa ŋu na wò le teƒe ma si Yehowa atia la dzi. Wɔ nu siwo katã wodi tso asiwò la pɛpɛpɛ. 11 Wɔ mɔfiame si wona wò kple woƒe nyametsotsowo dzi.+ Mègadze ɖe ɖusime alo miame le woƒe afiatsotsoa dzi wɔwɔ me o.+ 12 Ne ame aɖe wɔ nu dadatɔe hegbe toɖoɖo nunɔla si le subɔsubɔm le Yehowa wò Mawu la ŋkume alo ʋɔnudrɔ̃laa la, ame ma dze ku.+ Ele be nàɖe vɔ̃ la ɖa le Israel.+ 13 Ekema dukɔ blibo la katã asee, eye woavɔ̃, eye womagawɔ nu dadatɔe azɔ o.+
14 “Ne èva anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge la dzi, eye nèxɔe wòzu tɔwò, eye nèle edzi hegblɔ be, ‘Maɖo fia ɖe ɖokuinye nu abe dukɔ siwo katã ƒo xlãm la ke ene’ la,+ 15 ekema nàɖo fia si Yehowa wò Mawu atia la.+ Tsɔ nɔviwòwo dometɔ ɖeka ɖo fiae. Mèkpɔ mɔ atsɔ amedzro, si menye nɔviwò o la, aɖo fia ɖe ɖokuiwò nu o. 16 Gake sɔ geɖe meganɔ esi+ alo wòana dukɔ la natrɔ ayi Egipte, be woadzi sɔawo ɖe edzi o,+ elabena Yehowa gblɔ na mi be, ‘Migatrɔ to mɔ sia o.’ 17 Fia la megaɖe srɔ̃ geɖe hã o, ne eƒe dzi nagatra mɔ o;+ eye megana eƒe klosalo kple sika nasɔ gbɔ ɖe edzi kpaŋkpaŋ o.+ 18 Ne eva fiazi dzi la, wòagbugbɔ Se sia si le nunɔla Lewi viwo ƒe dzikpɔkpɔ te la, aŋlɔ ɖe agbalẽ* me na eɖokui.+
19 “Eye wòanɔ esi wòaxlẽ le eƒe agbemeŋkekewo katã me,+ ne wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa eƒe Mawu, eye wòalé Se sia me nyawo katã kple ɖoɖo siawo me ɖe asi ahawɔ wo dzi.+ 20 Ne eƒe dzi nagado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le sedede la ŋu ɖe ɖusime alo miame o, ne eya kple viaŋutsuwo naɖu dzi eteƒe nadidi le eƒe fiaɖuƒe la me le Israel-viwo dome.
18 “Lewi-vi nunɔlawo, kple Lewi-to bliboa katã la, womana gome alo domenyinu aɖekee kpe ɖe Israel ŋu o. Yehowa ƒe dzovɔsawo, si nye eƒe gome, lae woaɖu.+ 2 Eya ta domenyinu aɖeke manye wo tɔ le wo nɔviwo dome o. Yehowae nye woƒe domenyinu, abe ale si tututu wògblɔ na wo ene.
3 “Ke esia nanye gome si nunɔlawo dze na tso dukɔ la gbɔ: Ame sia ame si tsɔ lã aɖe sa vɔe, eɖanye nyi alo alẽ o, natsɔ lãa ƒe abɔ kple glã kpakple dɔgbo ana nunɔla la. 4 Nàtsɔ wò agblemenuku, wò wain yeye kple wò ami ƒe gbãtɔwo kpakple fu gbãtɔ si nèko le wò lãwo ŋu la anae.+ 5 Yehowa wò Mawu tia eya kple viaŋutsuwo le wò toawo katã dome, be woasubɔ le Yehowa ŋkɔ me ɖaa.+
6 “Ke ne Lewi vi aɖe dzo le wò du aɖe si me wònɔ le Israel,+ eye wòdi* be yeayi teƒe si Yehowa tia* la,+ 7 ekema wòasubɔ le afi ma le Yehowa eƒe Mawu ƒe ŋkɔ me abe nɔvia Lewi vi bubuawo katã, ame siwo le afi ma le Yehowa ŋkume la ke ene.+ 8 Axɔ nuɖuɖu si sɔ kple wo tɔ,+ hekpe ɖe nu siwo wòkpɔ tso tɔgbuiawo ƒe nunɔamesi siwo wòdzra me la ŋu.
9 “Ne èɖo anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge dzi la, mègasrɔ̃ dukɔ mawo ƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ o.+ 10 Woagakpɔ ame aɖeke le dowòme, si tɔa dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o,+ eye bokɔnɔ,+ akunyawɔla,+ nutabiala,+ dzotɔ,+ 11 ame si saa gbe dea ame, nukala,+ afakala+ alo ŋɔliyɔla+ meganɔ dowòme o. 12 Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, eye ŋunyɔnu siawo tae Yehowa wò Mawu le wo nya ge le ŋgɔwò ɖo. 13 Mele be fɔɖiɖi aɖeke nanɔ ŋuwò le Yehowa wò Mawu ŋkume o.+
14 “Elabena dukɔ siwo ƒe anyigba xɔ ge nàla la, ɖoa to akunyawɔlawo+ kple bokɔnɔwo,+ ke Yehowa wò Mawu meɖe nu siawo dometɔ aɖeke ƒe mɔ na wò o. 15 Yehowa wò Mawu le nyagblɔɖila aɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene. Ele be miaɖo toe.+ 16 Esiae nye nu si nèbia Yehowa wò Mawu le Horeb le takpegbe*+ la ƒe ŋuɖoɖo, esi nègblɔ be, ‘Mègana mase Yehowa nye Mawu ƒe gbe alo akpɔ dzo gã sia azɔ o, ne magaku o.’+ 17 Eya ta Yehowa gblɔ nam be, ‘Nya si wogblɔ la nyo. 18 Maɖo nyagblɔɖila aɖe na wo tso wo nɔviwo dome abe wò ene;+ matsɔ nye nyawo ade enu,+ eye wòagblɔ nu siwo katã ƒe se made nɛ la na wo.+ 19 Eye ame si maɖo to nye nya, si wòagblɔ le nye ŋkɔ me o la, mabia akɔntae godoo.+
20 “‘Ke ne nyagblɔɖila aɖe tso le eɖokui si gblɔ nya si nyemedɔe be wòagblɔ o la le nye ŋkɔ me, alo ƒo nu le mawu bubuwo ŋkɔ me la, ele be woawu nyagblɔɖila ma.+ 21 Eye ne ègblɔ le wò dzi me be, “Aleke míawɔ anya be Yehowa megblɔ nya ma o la?” 22 Ne nyagblɔɖila la ƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me, eye nya la meva eme alo dze edzi o la, ekema menye Yehowae gblɔ nya ma o. Ðe nyagblɔɖila ma tso le eɖokui si gblɔ nya ma. Mègavɔ̃e o.’
19 “Ne Yehowa wò Mawu tsrɔ̃ dukɔ siwo ƒe anyigba Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge, eye nèxɔ woƒe anyigba hele woƒe duwo kple woƒe aƒewo me la,+ 2 ekema nàɖe du etɔ̃ ɖe vovo le wò anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòazu tɔwò la dzi.+ 3 Nàma wò anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò wòzu tɔwò la ɖe akpa etɔ̃ me, eye nàta mɔ ayi du siawo me, ne amewula nate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me.
4 “Ke esiae nye amewula si asi ayi afi ma be wòanɔ agbe la ŋu nya: Ne menya hafi wu ehavi o, eye melé fui tsã o;+ 5 le kpɔɖeŋu me, ne eya kple ehavi woyi ave me yi nake fɔ ge, eye wòkɔ fía dzi be yealã ati, eye fía la tu le atia me hedze ehavia wòku la, ekema wòasi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, ne wòanɔ agbe.+ 6 Ne menye nenema o la, esi hlɔ̃biala+ la do dziku* vevie ta la, ate ŋu ati amewula la yome, eye wòaxee awui, le esi afi si dua le la gbɔ metsɔ o ta. Evɔ wònye medze ku hafi o, elabena melé fu ehavi la tsã o.+ 7 Esia tae mele se dem na wò be: ‘Nàɖe du etɔ̃ ɖe vovo.’
8 “Ne Yehowa wò Mawu keke wò anyigba ɖe enu, abe ale si wòka atam na tɔgbuiwòwo ene,+ eye wòtsɔ anyigba si ŋugbe wòdo be yeatsɔ ana tɔgbuiwòwo la katã na wò,+ 9 —nenye be èlé se siwo katã dem mele na wò egbea, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ le eƒe mɔwo dzi ɣesiaɣi,+ la me ɖe asi pɛpɛpɛ la—ekema nàtsɔ du etɔ̃ bubu akpe etɔ̃ siawo.+ 10 Ale womakɔ ʋu maɖifɔ aɖeke ɖi+ le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòanye wò domenyinu la dzi o, eye màɖi ʋufɔ o.+
11 “Ke ne ame aɖe lé fu ehavi,+ eye wòde xa ɖi nɛ heƒoe* vevie wòku, eye amea si yi du siawo dometɔ ɖeka me la, 12 ekema eƒe dumemetsitsiwo nadɔ woayi aɖakplɔe tso afi ma vɛ, eye woatsɔe ade asi na hlɔ̃biala la, ne wòawui.+ 13 Mègakpɔ* nublanui nɛ o, eye nàɖe ʋu maɖifɔ ŋuti fɔɖiɖi ɖa le Israel,+ ne eme nanyo na wò.
14 “Ne èxɔ wò domenyinu le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge be wòazu tɔwò dzi la, mègaɖɔli teƒe na hawòvi ƒe liƒo+ si tɔgbuiwo ɖe la o.
15 “Mele be ɖasefo ɖeka natso ame nu le vodada aɖeke alo nu vɔ̃ aɖeke ŋu woabu fɔe o.+ Ðasefo eve alo ɖasefo etɔ̃ ƒe ɖaseɖiɖi* dzie woanɔ te ɖo aɖo kpe nya la dzi.+ 16 Ne ɖasefo aɖe ɖo tame vɔ̃ ɖe ame aɖe ŋu hetso enu be edze agɔ la,+ 17 ame eve siwo dome dzrea dzɔ ɖo la nava tɔ ɖe Yehowa ŋkume, le nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃la siwo li le ŋkeke mawo me la ŋgɔ.+ 18 Eye ʋɔnudrɔ̃lawo nadzro eme tsitotsito,+ eye ne ame si tso nɔvia nu la nye aʋatsoɖasefo, eye wòtsɔ alakpanya ɖe nɔvia ŋu la, 19 ekema miawɔe abe ale si tututu wòɖoe be yeawɔ ye nɔviae ene,+ eye nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+ 20 Ekema ame mamlɛawo asee, eye woavɔ̃, eye womagawɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi le dowòme azɔ o.+ 21 Mègakpɔ* nublanui o:+ Agbe* ɖe agbe* teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.+
20 “Ne mieho aʋa ɖe miaƒe futɔwo ŋu, eye miekpɔ be woƒe sɔwo, aʋatasiaɖamwo kple aʋakɔwo sɔ gbɔ wu mi la, migavɔ̃ wo o, elabena Yehowa mia Mawu, ame si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi la, li kpli mi.+ 2 Ne miele aʋa ho ge la, ekema nunɔla nava ƒo nu kple dukɔ la.+ 3 Eye wòagblɔ na wo be: ‘Israel, see, miele aʋa kpe ge kple miaƒe futɔwo. Dzi megaɖe le mia ƒo o. Migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo, alo miadzo nyanyanya le wo ta o, 4 elabena Yehowa mia Mawu le yiyim kpli mi, be wòawɔ aʋa kple miaƒe futɔwo na mi, ne wòaxɔ na mi.’+
5 “Dzikpɔlawo hã nagblɔ na dukɔ la be: ‘Ame kae tso aƒe yeye, eye meʋu enu haɖe o? Netrɔ yi eƒe me, be wòagava ku le aʋa, eye ame bubu nava ʋu enu o. 6 Eye ame kae de waingble, ke megbe kutsetsea aɖeke haɖe o? Netrɔ yi eƒe me, be wòagava ku le aʋa, eye ame bubu nava gbee o. 7 Eye ame kae do ŋugbe na nyɔnu, ke meɖee haɖe o? Netrɔ yi eƒe me,+ be wòagava ku le aʋa, eye ame bubu nava ɖee o.’ 8 Eye dzikpɔlawo nagabia dukɔ la be: ‘Ame kae le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o?+ Netrɔ yi eƒe me, ne wòagana dzi naɖe le nɔviawo ƒo abe eya ŋutɔ ene o.’*+ 9 Eye ne dzikpɔlawo ƒo nu kple dukɔa vɔ la, woaɖo aʋafiawo ɖe dukɔ la ƒe aʋalɔgowo nu.
10 “Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu eye nète tui la, ekema nàgblɔ ŋutifafaɖoɖo siwo li la nɛ.+ 11 Ne eɖo eŋu ŋutifafatɔe, eye wòʋu agbo na wò la, ekema nàzi ame siwo katã ŋu woake ɖo le dua me la dzi be woawɔ dɔ na wò, eye woasubɔ wò.+ 12 Ke ne mewɔ ŋutifafa kpli wò o, ke boŋ wòkpe aʋa kpli wò la, ekema ɖe to ɖee, 13 eye Yehowa wò Mawu atsɔe ade asi na wò, eye nàwu eme ŋutsuwo katã kple yi. 14 Gake àte ŋu aha nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple nu sia nu si le dua me, siwo nye aboyonuawo katã, na ɖokuiwò,+ eye nàɖu wò futɔ siwo Yehowa wò Mawu tsɔ de asi na wò la ƒe aboyonuwo.+
15 “Aleae nàwɔ du siwo katã le adzɔge ʋĩi tso gbɔwò, siwo mele dukɔ siawo siwo te ɖe ŋuwò dome o la hãe. 16 Gake dukɔ siwo Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge be wòanye wò domenyinu la ƒe duwo me koe màna naneke si me agbegbɔgbɔ le la natsi agbe le o.+ 17 Ke boŋ nàtsrɔ̃ dukɔ siawo, siwo nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo la gbidigbidi,+ abe ale si tututu Yehowa wò Mawu de se na wò ene; 18 ne womagava fia woƒe ŋunyɔnu siwo katã wowɔna na woƒe mawuwo la wɔwɔ mi, ahana miawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa mia Mawu la ŋu o.+
19 “Ne èɖe to ɖe du aɖe be yeaxɔe eye nèle aʋa wɔm kplii ŋkeke geɖe la, mègaɖe fía ɖe eƒe atiwo dzi agblẽ wo dome o. Àte ŋu aɖu woƒe tsetsewo, gake mègalã wo ƒu anyi o.+ Alo amegbetɔe gbemeti nye ne nàho aʋa ɖe eŋua? 20 Negbe ati si nènya be womeɖua eƒe tsetse o la ko domee nàgblẽ. Àte ŋu alãe atsɔ atɔ kpɔ ɖe du si le aʋa wɔm kpli wò la ŋu, va se ɖe esime nèɖu edzi.
21 “Ne woke ɖe ame aɖe si wowu ŋu le gbe me le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge be wòazu tɔwò la dzi, eye womenya ame si wui o la, 2 ekema wò ametsitsiwo kple wò ʋɔnudrɔ̃lawo+ nayi aɖadzidze ame kuku la kple du siwo ƒo xlãe la dome. 3 Eye du si te ɖe ame kukua ŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka, si wometsɔ wɔ dɔ kpɔ o, si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o, 4 eye du ma me ametsitsiwo nakplɔ nyinɔe la ayi bali* si me tsi le sisim le, afi si womede agble ɖo alo ƒã nu ɖo o, eye woaŋe kɔ le nyinɔe la nu le afi ma, le bali la me.+
5 “Eye Lewi vi siwo nye nunɔlawo nava, elabena woawoe Yehowa wò Mawu tia be woawɔ subɔsubɔdɔ na ye,+ woayra ame le Yehowa ƒe ŋkɔ me.+ Woawoe agblɔ ale si woakpɔ nyahehe ɖe sia ɖe si ku ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu la gbɔ.+ 6 Eye du si te ɖe ame kukua ŋu wu la me ametsitsiwo katã naklɔ asi+ ɖe nyinɔe si nu woŋe kɔ le le balia me la dzi, 7 eye woagblɔ be, ‘Menye míaƒe asie kɔ ʋu sia ɖi o, eye míaƒe ŋku hã mekpɔ eteƒe o. 8 Oo Yehowa, mègabu esia na wò dukɔ Israel, ame siwo nèɖe la o,+ eye mègabia ʋu maɖifɔ tso wò dukɔ Israel si o.’+ Eye womabu ʋufɔɖiɖi la na wo o. 9 Ale nàɖe ʋu maɖifɔ ŋuti fɔɖiɖi la ɖa le dowòme, le esi nèwɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume ta.
10 “Ne èho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye Yehowa wò Mawu na nèɖu wo dzi heɖe aboyo wo,+ 11 eye nèkpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe le aboyomeawo dome, eye eƒe nu lé dzi na wò, eye nèbe yeaɖee wòazu ye srɔ̃ la, 12 ekema nàkplɔe ava aƒewò me. Eye wòalũ ta ahakpa eƒe fetsuwo, 13 eye wòaɖɔli awu si me wòle hafi woɖe aboyoe la, eye wòanɔ aƒewò me. Nefa fofoa kple dadaa dzinu ɖeka blibo,+ emegbe nàdɔ kplii, eye miazu srɔ̃tɔwo. 14 Ke ne eƒe nu medo dzidzɔ na wò o la, ekema nàɖe asi le eŋu wòadzo+ ayi afi sia afi si wòdi.* Ke mègadzrae axɔ ga alo asẽ ŋuta le eŋu o, elabena èdo vloe.
15 “Ne srɔ̃ eve le ŋutsu aɖe si, eye wòlɔ̃ ɖeka wu nɔvia,* eye wo katã wodzi viŋutsuwo nɛ, eye esi melɔ̃ o la viŋutsue nye ŋgɔgbevia la,+ 16 ekema gbe si gbe wòle eƒe nuwo mam na viawo be wòanye woƒe domenyinu la, mekpɔ mɔ abu ame si wòlɔ̃ la ƒe viŋutsu be eyae nye ŋgɔgbevi ɖe ame si melɔ̃ o la ƒe viŋutsu si nye ŋgɔgbevi la teƒe o. 17 Ele be wòabu ame si melɔ̃ o la ƒe viŋutsu la ŋgɔgbevii, eye wòatsɔ ale si wòma eƒe nunɔamesiwoe la ƒe teƒe eve nu anae, elabena eyae nye eƒe vidziŋusẽ ƒe gɔmedzedze. Etɔe ŋgɔgbevinyenye la nye.+
18 “Ne ŋutsuvi sẽto dzeaglã aɖe le ame aɖe si, eye meɖoa to fofoa alo dadaa o,+ eye woɖɔe ɖo gake wògbe toɖoɖo wo la,+ 19 ekema fofoa kple dadaa nalée ayi ametsitsiwo gbɔ le dua ƒe agbo nu, 20 eye woagblɔ na dumemetsitsiawo be, ‘Mía vi sia ƒe to sẽ, eye wòdze aglã, eye meɖoa to mí o. Eye wònye nu tsu ɖula+ kple ahamula.’+ 21 Azɔ dua me ŋutsuwo katã naƒu kpee wòaku. Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme, ekema Israel blibo la katã asee, eye woavɔ̃.+
22 “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ aɖe si dze ku, eye wowui,+ eye nèhee ɖe ati ŋu la,+ 23 eƒe kukua nagatsi atia ŋu ŋu nake ɖe edzi o.+ Ke boŋ nàɖii gbe ma gbe ke, elabena Mawu ƒo fi de ame si wohe ɖe ati ŋu,+ eye mègagblẽ kɔ ɖo na anyigba, si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge be wòanye wò domenyinu la o.+
22 “Ne èkpɔ nɔviwò ƒe nyi alo eƒe alẽ wòtra mɔ la, mègato eŋu yi o.+ Kplɔe yi na nɔviwòa. 2 Ke ne nɔviwòa mete ɖe ŋuwò o, eye mèdze sii o la, ekema nàkplɔ lãa ava aƒewò me, eye wòanɔ gbɔwò va se ɖe esime nɔviwòa dii va ke ɖe eŋu. Eye nàgbugbɔe nɛ.+ 3 Alea kee nàwɔ eƒe tedzi kple eƒe avɔ kpakple eƒe nu sia nu si bu, si ŋu nèke ɖo. Mègato eŋu yi o.
4 “Ne èkpɔ nɔviwò ƒe tedzi alo eƒe nyi wòdze anyi ɖe mɔ dzi la, mègato eŋu yi o. Kpe ɖe eŋu wòafɔ lã la ɖe tsitre.+
5 “Nyɔnu megado ŋutsuwu o, eye ŋutsu megado nyɔnuwu o. Elabena ame sia ame si wɔ nu sia la, nye ŋunyɔnu na Yehowa wò Mawu.
6 “Ne èkpɔ xevitɔ aɖe le mɔ dzi, le ati aɖe dzi alo le anyigba, eye vi alo azi le eme, eye dadaa tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, mègalé dadaa kpe ɖe viawo ŋu o.+ 7 Ðe asi le dadaa ŋu wòadzo, gake àte ŋu alé viawo ya. Wɔ alea ne eme nanyo na wò, eye nànɔ agbe didi.
8 “Ne ètso aƒe yeye la, tɔ kpɔ ɖe xɔa tame,+ bena ame aɖeke magage le edzi, eye nàna wò aƒe naɖi ʋufɔ o.
9 “Mègaƒã nuku bubu aɖeke ɖe wò waingble me o,+ bene woagaxɔ nu siwo nèkpɔ tso nuku si nèƒã la me kple nu si nèkpɔ tso waingblea me la siaa wòazu kɔkɔeƒe la tɔ o.
10 “Mègana nyitsu kple tedzi nanɔ kɔkuti ɖeka te aŋlɔ nu o.+
11 “Mègado awu si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃ o.+
12 “De gbowo wò avɔ si nètsyɔna ƒe dzogoe eneawo ŋu.+
13 “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, eye emegbe wòva lé fui,* 14 eye wòtso enu be ewɔ ŋukpenanu hegblẽ eƒe ŋkɔ gblɔ be: ‘Nyɔnu siae meɖe, eye medɔ kplii, gake nyemekpɔ naneke le eŋu si fia be ɖetugbui leaƒee wònye o’ la, 15 ekema nyɔnua fofo kple dadaa natsɔ kpeɖodzi siwo li be nyɔnuvi la nye ɖetugbui leaƒe la vɛ na dumemetsitsiwo le dua ƒe agbo nu. 16 Eye nyɔnuvi la fofo nagblɔ na ametsitsiawo be, ‘Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia wòɖe, gake elé fui* 17 eye wòtso enu be ewɔ ŋukpenanu, gblɔ be: “Nyemekpɔ naneke le viwònyɔnua ŋu si fia be ɖetugbui leaƒee wònye o.” Ke esiae nye kpeɖodzi be ɖetugbui leaƒee vinyenyɔnua nye.’ Eye woakeke avɔ la me ɖe dua me ametsitsiawo ŋkume. 18 Eye dumemetsitsiawo+ nalé ŋutsu la ahe to nɛ.+ 19 Eye woado klosalo sekel* alafa ɖeka ƒe fe nɛ, eye woatsɔe ana nyɔnuvia fofo, elabena ŋutsu la gblẽ ŋkɔ na Israel ɖetugbui leaƒe,+ eye nyɔnuvia nakpɔtɔ anye srɔ̃a. Mekpɔ mɔ agbee le eƒe agbemeŋkekewo katã me o.
20 “Ke ne nyateƒee nutsotso sia nye, eye womekpɔ kpeɖodzi aɖeke be nyɔnuvia nye ɖetugbui leaƒe o la, 21 ekema woakplɔ nyɔnuvi la ado goe ava fofoa ƒe aƒe mɔnu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee wòaku, elabena ewɔ ŋukpenanu+ le Israel, esi wòwɔ matre le fofoa ƒe me.+ Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+
22 “Ne wokpɔ ŋutsu aɖe wòle nyɔnu aɖe si nye ŋutsu bubu srɔ̃ gbɔ dɔm la, ele be woawu wo ame evea, ŋutsu si le nyɔnua gbɔ dɔm kple nyɔnua siaa.+ Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le Israel.
23 “Ne wodo ɖetugbui leaƒe aɖe ŋugbe na ŋutsu aɖe, eye ŋutsu bubu kpɔe le dua me hedɔ egbɔ la, 24 ekema miakplɔ wo ame evea ado goe va du la ƒe agbo nu, eye miaƒu kpe wo woaku, woawu nyɔnuvia, elabena du mee wolée le gake medo ɣli o, eye woawu ŋutsua, le esi wòdo vlo ehavi srɔ̃ ta.+ Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.
25 Ke ne gbe mee ŋutsua kpɔ nyɔnuvi si ŋugbe wodo na ŋutsu aɖe la le, eye ŋutsua lée sesẽe dɔ egbɔ la, ekema ele be woawu ŋutsu si dɔ egbɔ la ɖeɖe ko, 26 ke mègawɔ naneke nyɔnuvia ya o. Nyɔnuvia mewɔ nu vɔ̃ aɖeke si dze ku o. Nya sia le ko abe ale si ŋutsu adze ehavi dzi awui* la ene.+ 27 Elabena gbe mee wòkpɔe le, eye nyɔnuvi si wodo ŋugbe na la do ɣli, gake ame aɖeke meli axɔ nɛ o.
28 “Ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnuvi si nye ɖetugbui leaƒe si womedo ŋugbe na o, eye wòlée sesẽe dɔ egbɔ, eye wolé wo la,+ 29 ekema ŋutsu si dɔ nyɔnuvia gbɔ la natsɔ klosalo sekel blaatɔ̃ ana nyɔnuvia fofo, eye wòazu srɔ̃a.+ Le esi wòdo vloe ta la, mekpɔ mɔ agbee le eƒe agbemeŋkekewo katã me o.
30 “Ŋutsu aɖeke megaɖe fofoa srɔ̃ o, ne wòagado vlo fofoa o.*+
23 “Ŋutsu si woto voku na wòzu ame tata, alo ame si ƒe ŋutsu wolã ɖa la, mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.+
2 “Ahasivi aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.+ Eƒe dzidzimevi aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o va ɖo keke dzidzime ewolia dzi.
3 “Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me o.+ Woƒe dzidzimevi aɖeke mekpɔ mɔ anɔ Yehowa ƒe ha la me gbeɖe o, va ɖo keke dzidzime ewolia dzi, 4 elabena wometsɔ nuɖuɖu kple tsi va kpe mi le mɔ dzi esime mietso Egipte gbɔna o,+ eye woda Bileam, Beor vi, si tso Petor le Mesopotamia ɖe ŋuwò be wòaƒo fi ade wò.+ 5 Ke Yehowa wò Mawu meɖo to Bileam o.+ Ke boŋ Yehowa wò Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra na wò,+ elabena Yehowa wò Mawu lɔ̃ wò.+ 6 Mègadi nyui na wo alo adi nudzedziname na wo le wò agbemeŋkekewo katã me gbeɖe o.+
7 “Mègalé fu Edomtɔ o, elabena nɔviwòe.+
“Mègalé fu Egiptetɔ o, elabena ènye amedzro le eƒe dukɔ me kpɔ.+ 8 Vi siwo woadzi na wo wòanye woƒe dzidzime etɔ̃lia la ate ŋu anɔ Yehowa ƒe ha la me.
9 “Ne èƒu asaɖa anyi ɖe wò futɔwo ŋu la, kpɔ ɖokuiwò dzi le nu vɔ̃ɖiwo katã* ŋu.+ 10 Ne ŋutsu aɖe nyè tsi le zã me, eye eŋu mekɔ o la,+ ekema wòayi asaɖa la godo, eye mekpɔ mɔ ava asaɖa la me o. 11 Ne fiẽ ɖo la, wòalé tsi, eye ne ɣe ɖo to la, ate ŋu ava asaɖa la me.+ 12 Afɔdzideƒe* nanɔ asiwò le asaɖa la godo, eye afi ma nàdo go ayi. 13 Eye ati gbabɛ nanɔ asiwò le wò dɔwɔnuwo dome. Ne èbe yeabɔbɔ le asaɖa la godo ade afɔdzi la, ekema nàtsɔe aɖe doe, eye emegbe nàxe ke ɖe wò afɔdzi la dzi. 14 Elabena Yehowa wò Mawu le tsatsam le wò asaɖa la me+ be yeaɖe wò, eye yeatsɔ wò futɔwo ade asi na wò, eya ta wò asaɖa la nanɔ kɔkɔe,+ ne wòagakpɔ fenu aɖeke le gbɔwò ale be wòatrɔ ɖa le yowòme o.
15 “Ne kluvi aɖe si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ va gbɔwò la, mègatsɔe de asi na eƒe aƒetɔ o. 16 Nenɔ mia dome le teƒe ɖe sia ɖe si wòtia le wò duwo dometɔ ɖeka me, afi sia afi si wòlɔ̃. Mègasẽ ŋuta le eŋu o.+
17 “Israel vinyɔnu aɖeke megazu gbedoxɔmegbolo+ o, eye Israel viŋutsuwo dometɔ aɖeke hã megazu gbedoxɔmegbolo+ o. 18 Mègatsɔ nyɔnu gbolowɔla alo ŋutsu gbolowɔla* aɖeke ƒe gboloho va xe adzɔgbeɖefe le Yehowa wò Mawu ƒe me o, elabena ŋunyɔnu wo ame evea siaa nye na Yehowa wò Mawu.
19 “Mègaxɔ deme le nɔviwò si o,+ eɖanye ɖe ga alo nuɖuɖu alo nu sia nu si dzi woabia deme ɖo la dzi o. 20 Àte ŋu axɔ deme le amedzro si,+ gake mègaxɔ deme le nɔviwò ya si o,+ ne Yehowa wò Mawu nayra wò le dɔ sia dɔ si nàwɔ la me le anyigba si nèyina xɔxɔ ge wòazu tɔwò la dzi.+
21 “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa wò Mawu la,+ mègahe edziwɔwɔ ɖe megbe o.+ Elabena Yehowa wò Mawu abiae tso asiwò kokoko; be wòagazu nu vɔ̃ na wò o.+ 22 Gake ne mèɖe adzɔgbe o la, manye nu vɔ̃ na wò o.+ 23 Lé nya si do le nuwò la me ɖe asi,+ eye nàwɔ lɔlɔ̃nu faa nunana ƒe adzɔgbe si nètsɔ wò nu ɖe na Yehowa wò Mawu la dzi.+
24 “Ne èyi hawòvi ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu waintsetse si aɖi ƒo na wò,* gake mègatsɔ ɖeke de wò nuwo me o.+
25 “Ne èyi hawòvi ƒe nukugble me la, nuku siwo ɖi la koe nàtsɔ asi aŋe, ke mègatsɔ hɛ gobɛ si hawòvi ƒe nuku si le bo dzi la o.+
24 “Ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu eye emegbe wòkpɔ nu manyomanyo aɖe le nyɔnua ŋu ale be eƒe nu meganyo eŋu o la, ekema ŋutsua naŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ nɛ,+ eye wòatsɔe ade esi ahaɖe asi le eŋu wòadzo le eƒe me.+ 2 Ne edzo le eƒe me la, ate ŋu azu ŋutsu bubu srɔ̃.+ 3 Ne ŋutsu evelia sia lé fui,* eye wòŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ de esi henyae le eƒe me, alo ne ŋutsu evelia sia si ɖee la ku la, 4 ŋutsu si srɔ̃ wònye gbã, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee wòazu srɔ̃a esi wogblẽe vɔ megbe o, elabena ŋunyɔnue esia nye na Yehowa. Mègahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòanye wò domenyinu la dzi o.
5 “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ yeye la, mele be wòayi aʋa loo alo woaɖo dɔ bubu aɖeke nɛ o. Ele be wòanɔ anyi ƒe ɖeka, anɔ aƒe me ado dzidzɔ na srɔ̃a.+
6 “Ame aɖeke megaxɔ té alo tévi sesẽe wòazu awɔbanu o,+ elabena nu si nu amea nɔa agbe ɖoe* nye ema xɔm wòle awɔbanui.
7 “Ne wokpɔ ame aɖe wòlé nɔvia Israel-vi aɖe ɣla, eye wòsẽ ŋuta le eŋu hetsɔe dzra la,+ ekema woawu ameléla la.+ Eye nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+
8 “Ne anyidɔ* ɖo mia dome la, wɔ nu siwo katã nunɔla siwo nye Lewi viwo afia mi la dzi pɛpɛpɛ.+ Ale si tututu mede se na wo la, nenema pɛpɛpɛ miawɔ. 9 Ðo ŋku nu si Yehowa wò Mawu wɔ Miriam le mɔa dzi esime mietso Egipte gbɔna la dzi.+
10 “Ne èdo nane na hawòvi la,+ mègage ɖe eƒe me atsɔ nu si wòbe yeatsɔ aɖo awɔbae la sesẽe o. 11 Tɔ ɖe xexe, eye ame si nèdo nua na la ŋutɔ natsɔ awɔbanua ado goe vɛ na wò. 12 Ke ne ame dahe wònye la, eƒe awɔbanu la megatsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.+ 13 Ne ɣe nya ɖo to teti ko la, nàgbugbɔ awɔbanu la nɛ, bena wòate ŋu atsyɔ avɔ la ne emlɔ anyi,+ ne wòayra wò; eye wòazu dzɔdzɔenyenye na wò le Yehowa, wò Mawu ŋkume.
14 “Mègatafa apadɔwɔla si da ahe la o, eɖanye nɔviwòwo alo amedzro siwo le wò duwo* me le wò anyigba dzi la dometɔ aɖee o.+ 15 Ele be nàxe eƒe fe nɛ gbe ma gbe+ hafi ɣe naɖo to, elabena ame dahee, eye eƒe fetue lé eƒe agbe* ɖe te. Ne wòagado ɣli na Yehowa le tawò, ne wòazu nu vɔ̃ na wò o.+
16 “Womawu fofowo ɖe nu si wo viwo wɔ la ta o, eye womawu viwo hã ɖe nu si wo fofowo wɔ la ta o.+ Woawu ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.+
17 “Mègatrɔ gbo amedzro alo tsyɔ̃evi ƒe nya le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o,+ eye mègaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.+ 18 Ðo ŋku edzi be ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa wò Mawu ɖe wò tso afi ma.+ Esia tae mele se dem na wò be nàwɔ alea ɖo.
19 “Ne èŋe wò agblemenuwo eye nèŋlɔ babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi be yeatsɔe o. Nenɔ anyi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo;+ ne Yehowa wò Mawu nayra wò le nu siwo katã nèwɔna la me.+
20 “Ne èƒo wò amiti vɔ la, mègatrɔ yi ɖaƒo woƒe alɔawo ake o. Esiwo susɔ la nenɔ anyi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo.+
21 “Ne èxa waintsetsewo le wò waingble me vɔ la, mègatrɔ yi ɖaƒo esiwo tsi anyi la nu ƒu o. Gblẽ wo ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. 22 Ðo ŋku edzi be ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ. Esia tae mele se dem na wò be nàwɔ alea ɖo.
25 “Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsuwo dome la, ekema woava ʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume,+ eye woadrɔ̃e na wo, atso afia na ame si tɔ dzɔ, eye woabu fɔ ame vɔ̃ɖi la.+ 2 Eye ne ame vɔ̃ɖi la dze ƒoƒo+ la, ekema ʋɔnudrɔ̃la la nana wòatsyɔ akɔ anyi, eye woaƒoe le eŋkume. Woaƒoe zi gbɔ zi ale si sɔ ɖe nu vɔ̃ si wòwɔ la nu. 3 Woate ŋu aƒoe wòade zi blaene,+ ke megagbɔ edzi o. Ne woƒoe wògbɔ edzi la, anye gbɔɖiɖi nɔviwòa le ŋkuwòme.
4 “Mègabla nu na nyitsu ne ele nuku tugum o.+
5 “Ne nɔviŋutsuwo le afi ɖeka, eye wo dometɔ ɖeka medzi vi hafi ku o la, ekema ame si ku la srɔ̃ mekpɔ mɔ aɖe ŋutsu tso ƒome bubu me o. Srɔ̃a nɔviŋutsu nade egbɔ, eye wòaɖee wòazu srɔ̃a, ale wòaxɔ nɔviaŋutsu si ku la srɔ̃ aɖe.+ 6 Eye ŋgɔgbevi si nyɔnua adzi la atsɔ ŋutsua nɔvi si ku la ƒe ŋkɔ,+ ne eƒe ŋkɔ nagatsrɔ̃ le Israel o.+
7 “Ke ne medzɔ dzi na ŋutsua be yeaɖe ye nɔvia ƒe ahosia o la, ekema nɔvia ƒe ahosi la nayi dugbo la nu le ametsitsiawo gbɔ, eye wòagblɔ be: ‘Srɔ̃nye nɔvi gbe be yemalé ye nɔvi ŋkɔ ɖe te le Israel o. Melɔ̃ be yeaxɔm aɖe ado ƒome ɖi na ye nɔviŋutsu si ku la o.’ 8 Dumemetsitsiawo nayɔe aƒo nu kplii. Ne egbe godoo hegblɔ be: ‘Nyemedi be maɖee o la,’ 9 ekema nɔvia ƒe ahosi la nate ɖe eŋu le dumemetsitsiawo ŋkume, eye wòaɖe afɔkpa le afɔ nɛ,+ aɖe ta ɖe mo nɛ ahagblɔ be, ‘Aleae woawɔ ŋutsu si malé nɔvia ƒe aƒe ɖe te o lae.’ 10 Eye ŋkɔ si atsi eƒe ƒomea ŋu* le Israel anye: ‘Ame si ƒe afɔkpa woɖe la ƒe aƒe.’
11 “Ne ŋutsu eve le avu wɔm kple wo nɔewo, eye wo dometɔ ɖeka srɔ̃ te va be yeaxɔ srɔ̃a le ame si le eƒom la si me, eye nyɔnua do asi ɖa lé eƒe ŋutsu la, 12 ekema nàlã asi nɛ. Mègakpɔ* nublanui nɛ o.
13 “Nudakpe eve ƒomevi,+ gãtɔ kple suetɔ, meganɔ wò akplo me o. 14 Nudogba eve ƒomevi,*+ gãtɔ kple suetɔ, meganɔ aƒewò me o. 15 Nudakpe si sɔ hede pɛpɛpɛ nanɔ asiwò, eye nudogba si sɔ hede pɛpɛpɛ nanɔ asiwò, ne nànɔ agbe didi le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge la dzi.+ 16 Elabena ame maɖianukware ɖe sia ɖe si wɔa nu siawo la, ŋunyɔnue wònye na Yehowa wò Mawu.+
17 “Ðo ŋku nu si Amalek wɔ wò le mɔ dzi esime mietso Egipte gbɔna la dzi,+ 18 ale si wòva do go wò le mɔa dzi, esime ɖeɖi te ŋuwò, eye nu ti kɔ na wò, eye wòdze ame siwo katã le zɔzɔm kudɔkudɔe le yowòme la dzi hewu wo. Mevɔ̃ Mawu o. 19 Ne Yehowa wò Mawu na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be nàxɔ wòazu wò domenyinu dzi la,+ ekema nàtsrɔ̃ Amalek ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.+ Mègaŋlɔe be o.
26 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge be wòanye wò domenyinu la dzi mlɔeba, eye nèxɔe wòzu tɔwò hele edzi la, 2 ekema nàtsɔ wò agblemenukuwo katã ƒe gbãtɔwo dometɔ aɖewo tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge la dzi, eye nàtsɔ wo ade kusi me ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia be yeƒe ŋkɔ nanɔ la.+ 3 Eye nàyi nunɔla si le subɔsubɔm le ŋkeke mawo me la gbɔ agblɔ nɛ be, ‘Mele eme ʋum na Yehowa wò Mawu la egbea be, meva ɖo anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mía tɔgbuiwo be yeatsɔ ana mí la dzi.’+
4 “Eye nunɔla la axɔ kusi la le asiwò atsɔ ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la ŋgɔ. 5 Eye nàgblɔ le Yehowa wò Mawu ŋkume be, ‘Fofonye nye Aramtɔ+ tsatsala;* ekplɔ eƒemetɔ ʋɛawo+ ɖe asi yi Egipte+ ɖanye amedzro le afi ma. Ke eva zu dukɔ gã sẽŋu aɖe, si me tɔwo sɔ gbɔ le afi ma.+ 6 Ke Egiptetɔwo wɔ ŋlɔmi le mía ŋu, eye wowɔ fu mí hetsɔ kluvidɔ sesẽ ɖo mía dzi.+ 7 Eye míede asi ɣlidodo me na Yehowa mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye Yehowa se míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe kple míaƒe xaxa kpakple míaƒe teteɖeanyi la.+ 8 Mlɔeba Yehowa tsɔ asi sesẽ kple alɔ si wodo ɖa,+ nu dziŋɔwo kple dzesiwo kpakple nukunuwo+ kplɔ mí dzoe le Egipte. 9 Eye wòkplɔ mí va afi sia hetsɔ anyigba sia si dzi notsi kple anyitsi le sisim le la na mí.+ 10 Azɔ metsɔ anyigba si Yehowa tsɔ nam la dzi kutsetsewo ƒe gbãtɔwo vɛ.’+
“Eye nàtsɔe ada ɖe Yehowa wò Mawu ŋkume ahade ta agu le Yehowa wò Mawu ŋkume. 11 Eye wò ŋutɔ kple Lewi vi kpakple amedzro si le dowòme la siaa miakpɔ dzidzɔ ɖe nu nyui siwo katã Yehowa wò Mawu na wò kple wò aƒe la ŋuti.+
12 “Ne èƒo wò nuwo ƒe ewoliawo+ katã nu ƒu le ƒe etɔ̃lia si nye ƒe si me nàtsɔ nuwo ƒe ewolia avɛ me vɔ la, ekema nàtsɔe ana Lewi vi, amedzrovi, tsyɔ̃evi kple ahosiwo ne woaɖu le wò duwo* me aɖi ƒo.+ 13 Eye nàgblɔ le Yehowa wò Mawu ŋkume be, ‘Metsɔ nu kɔkɔe siwo le aƒenye me la katã na, metsɔ wo na Lewi vi kple amedzrovi, tsyɔ̃evi kple ahosiwo,+ abe ale si tututu nède se nam ene. Nyemeda wò sededeawo dzi o, eye nyemeŋlɔe be hã o. 14 Nyemeɖu nuawo ƒe ɖeke le nye konyifaɣi o, eye nyemeka asi eƒe ɖeke ŋu esi ŋutinye mekɔ o, eye nyemetsɔ eƒe ɖeke na ɖe ame kuku aɖeke ta hã o. Meɖo to Yehowa nye Mawu ƒe gbe, eye mewɔ nu siwo katã ƒe se nède nam la. 15 Azɔ kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe, si nye dziƒowo, eye nàyra wò dukɔ Israel kple anyigba si nètsɔ na mí,+ anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le,+ abe ale si tututu nèka atam na mía tɔgbuiwo+ ene.’
16 “Egbe sia Yehowa wò Mawu le se dem na wò be, nàwɔ se kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siawo dzi. Lé wo me ɖe asi eye nàwɔ wo dzi kple wò dzi blibo+ kpakple wò luʋɔ* blibo. 17 Èse nya si Yehowa gblɔ egbea be yeazu wò Mawu, ne èzɔ le eƒe mɔwo dzi hewɔ eƒe ɖoɖowo,+ eƒe sededewo+ kple eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo+ dzi, eye nèɖo to eƒe gbe. 18 Yehowa hã se nya si nègblɔ egbea be yeazu eƒe dukɔ, eƒe nunɔamesi tɔxɛ,*+ abe ale si tututu wòdo ŋugbe na wòe ene, eye be yeawɔ eƒe sededewo katã dzi, 19 eye ado wò ɖe dzi nàgbɔ dukɔ bubu siwo katã wòwɔ la ta,+ eye wòana kafukafu, ŋkɔxɔxɔ kple atsyɔ̃ɖoɖo wò, ne ènye dukɔ kɔkɔe na Yehowa wò Mawu,+ abe ale si tututu wòdo ŋugbe ene.”
27 Eye Mose kple Israel ametsitsiwo gade se na dukɔ la be: “Milé se ɖe sia ɖe si dem mele na mi egbea la me ɖe asi. 2 Eye gbe si gbe miatso Yordan ayi anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm dzi la, nàɖi kpe gãwo, eye nàsi akalo na wo.+ 3 Eye nàŋlɔ Se sia me nyawo katã ɖe wo dzi ne ètso tɔa eye nège ɖe anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi le sisim le, abe ale si Yehowa, tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la, do ŋugbe na wò ene.+ 4 Eye ne mietso Yordan la, miɖi kpe siawo ɖe Ebal To+ la dzi, eye miasi akalo na wo, abe ale si tututu mele se dem na mi egbea ene. 5 Eye nàtsɔ kpe aɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa wò Mawu. Mègatsɔ gakpodɔwɔnuwo afu kpeawo o.+ 6 Kpe blibowo nàtsɔ aɖi vɔsamlekpui la na Yehowa wò Mawu, eye nàsa numevɔwo na Yehowa wò Mawu ɖe edzi. 7 Eye nàsa ŋutifafavɔwo+ ahaɖu wo le afi ma,+ eye nàkpɔ dzidzɔ le Yehowa wò Mawu ŋkume.+ 8 Eye nàŋlɔ Se sia me nyawo katã ɖe kpeawo dzi, woadze nyuie.”+
9 Eye Mose kple nunɔla Lewi viwo gblɔ na Israel blibo la katã be: “Israel, ɖo to nàsee. Èzu Yehowa wò Mawu ƒe dukɔ egbea.+ 10 Ðo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe, eye nàwɔ eƒe sededewo+ kple eƒe ɖoɖo siwo gblɔm mele na wò egbea la dzi.”
11 Mose de se na dukɔ la gbe ma gbe be: 12 “To siwo atɔ ɖe Gerizim Toa+ dzi ayra dukɔ la, ne mietso Yordan vɔ la woe nye: Simeon, Lewi, Yuda, Isakar, Yosef kple Benyamin. 13 Eye to siwo atɔ ɖe Ebal Toa+ tame aƒo fi ade ame la woe nye: Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan kple Naftali. 14 Eye Lewi viwo nakɔ gbe dzi agblɔ ɖo ɖe ame siwo katã le Israel be:+
15 “‘Aɖi ame si wɔ nu kpakpɛ,+ alo galegba,*+ si nye ŋunyɔnu na Yehowa,+ wònye ati kple aɖaŋudɔwɔla* ƒe asinudɔwɔwɔ, eye wòtsɔe ɖo ɣaɣlaƒe la ŋu.’ (Eye dukɔ blibo la katã naɖo eŋu agblɔ be: ‘Amen!’*)
16 “‘Aɖi ame si doa vlo fofoa alo dadaa la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
17 “‘Aɖi ame si aɖɔli teƒe na ehavi ƒe liƒo la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
18 “‘Aɖi ame si na ŋkuagbãtɔ tra mɔ la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
19 “‘Aɖi ame si trɔ gbo amedzrovi,+ tsyɔ̃evi* kple ahosi+ ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ŋu.’ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
20 “‘Aɖi ame si dɔ fofoa srɔ̃ gbɔ la ŋu, elabena edo vlo fofoa.’*+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
21 “‘Aɖi ame si dɔ lã aɖe gbɔ la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
22 “‘Aɖi ame si dɔ nɔvianyɔnu, si nye fofoa vinyɔnu alo dadaa vinyɔnu gbɔ la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
23 “‘Aɖi ame si dɔ lɔ̃xoa gbɔ la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
24 “‘Aɖi ame si de xa ɖi na ehavi hewui la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
25 “‘Aɖi ame si xɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ* la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
26 “‘Aɖi ame si melé Se sia me nyawo me ɖe asi hewɔ wo dzi o la ŋu.’+ (Eye dukɔ blibo la katã nagblɔ be: ‘Amen!’)
28 “Ne èse Yehowa wò Mawu ƒe gbe, eye nèwɔ eƒe se siwo katã dem mele na wò egbea dzi pɛpɛpɛ la, Yehowa wò Mawu ado wò ɖe dzi nàgbɔ anyigbadzidukɔ bubuawo katã ŋu.+ 2 Eye yayra siawo katã ava dziwò, agba go,+ le esi nèɖoa to Yehowa wò Mawu ƒe gbe ta:
3 “Woayra wò le du me, eye woayra wò le agble me.+
4 “Woayra viwòwo,*+ wò anyigbadzikutsetsewo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyiviwo kple alẽviwo.+
5 “Woayra wò kusi+ kple wò amɔwɔblugba.+
6 “Woayra wò ne ègbɔ va, eye woayra wò ne èdo go.
7 “Yehowa ana woasi wò futɔ siwo tso ɖe ŋuwò la le ŋgɔwò.+ Mɔ ɖeka dzi woato aho ɖe ŋuwò, ke mɔ adre dzi woato asi le ŋgɔwò.+ 8 Yehowa ana yayra nanɔ wò nudzraɖoƒewo+ kple dɔ sia dɔ si nèwɔ la dzi, eye wòayra wò le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le na wò ge la dzi. 9 Yehowa aɖo wò nànye dukɔ kɔkɔe na eɖokui,+ abe ale si wòka atam na wòe ene,+ elabena èlé Yehowa wò Mawu ƒe sededewo me ɖe asi, eye nèzɔ le eƒe mɔwo dzi. 10 Eye anyigbadzidukɔwo katã akpɔe be woyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe ŋuwò,+ eye woavɔ̃ wò.+
11 “Yehowa ana viwòwo kple wò lãwo kpakple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ+ fũu le anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo be yeatsɔ ana wò la dzi.+ 12 Yehowa aʋu eƒe nudzraɖoƒe nyui, si nye dziƒowo, nu na wò, ne wòana tsi nadza ɖe wò anyigba dzi le edzaɣi,+ eye wòayra nu sia nu si nàwɔ la. Àdo nugbana na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ ya màdo nugbana o.+ 13 Yehowa awɔ wò nàzu ta, ke menye asike o; ànɔ dzi,+ ke menye gɔme o, ne èwɔ ɖe Yehowa wò Mawu ƒe se siwo dem mele na wò egbea be nàlé wo me ɖe asi ahawɔ wo dzi la dzi. 14 Mègadze ɖe ɖusime alo miame le nya siwo katã ƒe se dem mele na wò egbea la ŋu+ eye nàdze mawu bubuwo yome ahasubɔ wo o.+
15 “Ke ne mèɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe hewɔ eƒe ɖoɖo kple se siwo katã dem mele na wò egbea dzi pɛpɛpɛ o la, ekema fiƒode siawo katã hã ava dziwò, eye woado agbogbo ɖe dziwò:+
16 “Aɖi ŋuwò le du me, eye aɖi ŋuwò le agble me.+
17 “Aɖi wò kusi+ kple wò amɔwɔblugba ŋu.+
18 “Aɖi viwòwo,*+ wò anyigbadzikutsetsewo kple wò nyiviwo kple alẽviwo ŋu.+
19 “Aɖi ŋuwò ne ègbɔ, eye aɖi ŋuwò ne èdo.
20 “Yehowa aƒo fi ade wò, ana nàtɔtɔ, eye wòahe to na wò le dɔ sia dɔ si nàwɔ la me, va se ɖe esime nètsrɔ̃ gbidigbidi, eye nuwò yi kaba, le nu vɔ̃ɖi siwo nèwɔ kple ale si nègblẽm ɖi la ta.+ 21 Yehowa ana dɔvɔ̃ nanɔ ŋuwò va se ɖe esime wòtsrɔ̃ wò ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle be nàxɔe wòazu tɔwò la dzi.+ 22 Yehowa akplɔ yɔmekpe, asrã sesẽ,+ nutete, lãmexɔdzo, kple yi+ aƒu wò, eye wòana wò agblemenukuwo nahlɔ̃ ahadze heteku,+ eye nu siawo anɔ yowòme va se ɖe esime nètsrɔ̃. 23 Dziŋgɔli si le tawòme hã azu akɔbli, eye anyigba si le tewò azu gayibɔ.+ 24 Yehowa ana kekui kple ʋuʋudedi nadza ɖe dziwò ɖe tsidzadza teƒe va se ɖe esime nètsrɔ̃ gbidii. 25 Yehowa ana wò futɔwo nasi wò.+ Mɔ ɖeka dzi nàto aho ɖe wo ŋu, gake mɔ adre dzi nàto asi le wo nu; eye dzidzi aƒo anyigbadzifiaɖuƒewo ne wokpɔ nu siwo katã dzɔ ɖe dziwò.+ 26 Eye wò kukuawo azu nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo katã, eye ame aɖeke mado vɔvɔ̃ na wo anya wo ɖa o.+
27 “Yehowa akplɔ Egipte ƒe ƒoƒoe, kookoo, akpà kple ŋutigbalẽdɔ bubuwo aƒu wò, eye màhaya tso wo me o. 28 Yehowa atsɔ aɖaʋa, ŋkuagbã+ kple tɔtɔ* aƒo wò. 29 Àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsɛ, abe ale si ko ŋkuagbãtɔ tsaa asi le blukɔ me ene,+ eye màkpɔ dzidzedze le nu siwo nèwɔna la dometɔ aɖeke me o; woatafa wò ahada adzo wò ɣesiaɣi, eye ame aɖeke maxɔ na wò o.+ 30 Àdo ŋugbe na nyɔnu, ke ŋutsu bubu adɔ egbɔ sesẽe. Àtso aƒe, ke mànɔ eme o.+ Àde waingble, ke màɖu eƒe tsetse aɖeke o.+ 31 Woawu wò nyitsu le ŋkuwòme, gake màkpɔ eƒe ɖeke aɖu o. Woafi wò tedzi le ŋkuwòme, eye magatrɔ ava na wò o. Woatsɔ wò alẽwo ana wò futɔwo, gake xɔnametɔ aɖeke manɔ anyi na wò o. 32 Woatsɔ viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo ana dukɔ bubu+ me tɔwo le ŋkuwòme, eye woanɔ dzrowòm ɣesiaɣi, gake wɔna aɖeke manɔ ŋuwò o. 33 Dukɔ si mènya o la aɖu wò anyigbadzikutsetse kple nu siwo katã nèwɔ dɔ kpɔ la,+ eye woatafa wò ahate wò ɖe anyi ɣesiaɣi. 34 Nu siwo teƒe wò ŋkuwo akpɔ la ana nàku tsu.
35 “Yehowa ana ƒoƒoe vɔ̃ɖi siwo womate ŋu ada o la naƒo wò klowo kple wò afɔwo, tso wò afɔƒome va ɖo wò dzodome. 36 Yehowa akplɔ wò kple fia si nèɖo ɖe ɖokuiwò nu la ayi dukɔ si wò ŋutɔ loo alo tɔgbuiwòwo menya o la me,+ eye àsubɔ mawu bubuwo, mawu siwo wotsɔ ati kple kpe wɔ la le afi ma.+ 37 Àzu ŋɔdzinu, vlodonu* kple alɔmeɖenu le dukɔ siwo katã me Yehowa anya wò aɖo ɖa la dome.+
38 “Àƒã nuku geɖe ɖe agble me, ke ʋɛ aɖe ko nàŋe,+ elabena ʋetsuviwo aɖu wo. 39 Àde waingblewo, eye àŋlɔ wo me, ke màno wain aɖeke o, eye màxa naneke tso wo me o,+ elabena ŋɔ aɖu wo keŋkeŋ. 40 Amitiwo anɔ asiwò le wò anyigba blibo la katã dzi, ke màkpɔ ami aɖeke asi o, elabena wò amititsetsewo adudu. 41 Àdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, ke womanye tɔwò ɖaa o, elabena woayi aboyo me.+ 42 Nu dzodzoewo alɔ hoo ava ɖu wò atiwo kple wò anyigbadzikutsetsewo katã. 43 Amedzrovi si le dowòme la anɔ dzi dem wu wò, ke wò ya la, to ko nànɔ yiyim. 44 Ado nugbana na wò, ke wò ya màdo nugbana nɛ o.+ Azu ta, ke wò la, àzu asike.+
45 “Fiƒode+ siawo katã ava dziwò, woanɔ yowòme, eye woado agbogbo ɖe dziwò, va se ɖe esime nètsrɔ̃ gbidii,+ elabena mèɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe o, eye mèlé eƒe sededewo kple eƒe ɖoɖo siwo wògblɔ na wò la me ɖe asi o.+ 46 Woanɔ wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye dzesi kple nukunu tegbee,+ 47 le esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu la kple dzidzɔ kpakple aseyetsotso esime nu sia nu bɔ ɖe asiwò kpaŋkpaŋ la o ta.+ 48 Yehowa adɔ wò futɔwo ɖe ŋuwò, eye dɔ+ kple tsikɔ awu wò, ànɔ amama, eye nu sia nu ahiã wò hafi nànɔ wo subɔm.+ Ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòtsrɔ̃ wò gbidigbidi.
49 “Yehowa ana dukɔ aɖe si le adzɔge ʋĩi, dukɔ si ƒe gbe màse o la,+ natso anyigba ƒe mlɔenu ava dze dziwò,+ abe ale si hɔ̃+ lũna ɖe nu dzi ƒona ene, 50 enye dukɔ ɖivɔvɔ̃, si mabu ame tsitsi ɖe naneke me o, eye mave ɖekakpui nu o.+ 51 Woaɖu wò lãwo ƒe viwo kple wò anyigbadzikutsetsewo va se ɖe esime nàtsrɔ̃ avɔ. Womagblẽ nuku, wain yeye, ami, nyiviwo alo alẽviwo ɖi na wò o, va se ɖe esime woatsrɔ̃ wò ɖa.+ 52 Woaɖe to ɖe wò, woaxaxa wò ɖo le wò duwo* katã me le wò anyigba blibo la dzi, va se ɖe esime gli kɔkɔ sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la mu. Ɛ̃, woaɖe to ɖe wò le wò duwo katã me le anyigba blibo si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi.+ 53 Ekema àɖu wò ŋutɔ viwòwo,* viwòŋutsu kple viwònyɔnu+ siwo Yehowa wò Mawu na wò la ƒe lã, le esi woamimi wò ɖo vevie kpakple xaxa si gbegbe wò futɔ ahe ava dziwò la ta.
54 “Ŋutsu si ɖɔa ŋu ɖo le eɖokui ŋu eye wònɔa dzidzemegbe le dowòme la kekeake gɔ̃ hã makpɔ nublanui na nɔviaŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a, alo viaŋutsu siwo susɔ la o, 55 eye mana viaŋutsu siwo wòaɖu la ƒe lã wo dometɔ aɖeke o, elabena naneke megale esi o le ale si womimi wò ɖo vevie, kpakple xaxa si gbegbe wò futɔ he va wò duwo dzi la ta.+ 56 Eye nyɔnu si ɖɔa ŋu ɖo le eɖokui ŋu eye wònɔa dzidzemegbe le dowòme, si mete kpɔ be yeatsɔ afɔƒome ka anyigba o le esi melɔ̃a nu o+ ta la, gɔ̃ hã makpɔ nublanui na srɔ̃a lɔlɔ̃a alo viaŋutsu alo vianyɔnu o, 57 eye madi be yeana amenɔ si do tso eya ŋutɔ ƒe atame kple via siwo wòdzi la ƒe lã aɖeke wo o. Aɖu wo le adzame le hiã si tui le nuwo katã me, le ale si womimi wò ɖo vevie, kpakple xaxa si gbegbe wò futɔ he va wò duwo me la ta.
58 “Ne mèwɔ Se sia si woŋlɔ ɖe agbalẽ+ sia me la me nyawo katã dzi pɛpɛpɛ hevɔ̃ ŋkɔ sia, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le,+ si nye Yehowa+ wò Mawu ŋkɔ la, o la, 59 Yehowa ahe dɔvɔ̃ dziŋɔwo, dɔvɔ̃ siwo nu sẽ,+ siwo anɔ anyi eteƒe nadidi, kple dɔléle vɔ̃ɖi siwo anɔ anyi eteƒe nadidi la, ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi. 60 Akplɔ Egipte ƒe dɔléle siwo nèkpɔ, eye wodzia ŋɔ na wò la, katã aƒu wò, eye woanɔ ŋuwò. 61 Azɔ hã, Yehowa akplɔ dɔléle kple dɔvɔ̃ ɖe sia ɖe si womeŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me o la aƒu wò, va se ɖe esime nàtsrɔ̃ avɔ. 62 Togbɔ be miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene hã la,+ mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ,+ elabena mèɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe o.
63 “Eye ale si ko Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu, be yeawɔ nyui na mi ahana miadzi ɖe edzi la, nenema kee Yehowa akpɔ dzidzɔ be yeatsrɔ̃ mi ahana miavɔ keŋkeŋ; eye woaɖe mi ɖa le anyigba si dzi nèyina be nàxɔe wòazu tɔwò la dzi.
64 “Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe mlɔenu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu,+ àsubɔ mawu siwo wotsɔ ati kple kpe wɔ, siwo wò ŋutɔ loo alo tɔgbuiwòwo menya o, la le afi ma.+ 65 Màkpɔ tomefafa le dukɔ mawo me o,+ eye wò afɔƒome makpɔ gbɔɖemeƒe aɖeke hã o. Ke boŋ Yehowa ana nàtsi dzimaɖi,+ wò ŋkuwo atsi, eye mɔkpɔkpɔ abu ɖe wò* le afi ma.+ 66 Wò agbe aɖo afɔku gã aɖe me, eye ànɔ vɔvɔ̃ dzi zã kple keli, eye màka ɖe wò agbetsitsi dzi o. 67 Ŋdi la, àgblɔ be, ‘Ne fiẽ mee la ne enyo hafi!’ eye fiẽ la, àgblɔ be, ‘Ne ŋdi mee la ne enyo hafi!’ le ale si vɔvɔ̃ ɖo wò le dzi me kple nu siwo teƒe wò ŋkuwo akpɔ la ta. 68 Yehowa agbugbɔ wò ade tɔdziʋu aɖo ɖe Egipte to mɔ si ŋu megblɔ le na wò be, ‘Màgakpɔe gbeɖe o’ la dzi, eye miadi be yewoadzra yewo ɖokuiwo le afi ma na miaƒe futɔwo ahazu kluviwo kple kosiviwo, ke hã ame aɖeke maƒle mi o.”
29 Esiawoe nye nubabla ƒe nya, siwo Yehowa de se na Mose be wòagblɔ na Israel-viwo le Moab-nyigba dzi hekpe ɖe nu, si wòbla kpli wo le Horeb la ŋu.+
2 Eye Mose yɔ Israel blibo la katã gblɔ na wo be: “Miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao kple eƒe subɔviwo katã kpakple eƒe anyigba blibo la le Egipte-nyigba dzi la teƒe,+ 3 eye miaƒe ŋkuwo kpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ gã, dzesi kple nukunu gã mawo.+ 4 Gake va se ɖe egbe sia la, Yehowa mena dzi mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o.+ 5 ‘Esime mekplɔ mi to gbea dzi ƒe blaene+ la, miaƒe awuwo mevuvu le mia ŋu o, eye miaƒe afɔkpawo mevuvu le afɔ na mi o.+ 6 Mieɖu abolo o, eye mieno wain alo aha muame aɖeke o, ne miadze sii be nyee nye Yehowa mia Mawu.’ 7 Mlɔeba mieva ɖo teƒe sia, eye Hesbon-fia+ Sihon kple Basan-fia+ Og do va kpe aʋa kpli mí, gake míeɖu wo dzi.+ 8 Eye míexɔ woƒe anyigba tsɔ na Ruben viwo, Gad viwo kple Manase viwo ƒe to afã, be wòanye woƒe domenyinu.+ 9 Eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, ale be nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.+
10 “Mi katã miele tsitre ɖe Yehowa mia Mawu ŋkume egbea, miaƒe toawo ƒe tatɔwo, miaƒe ametsitsiwo kple miaƒe dzikpɔlawo, Israel ŋutsuwo katã, 11 mia viwo, mia srɔ̃wo+ kple amedzrovi+ siwo le miaƒe asaɖa me, tso miaƒe nakefɔlawo dzi va ɖo tsidulawo dzi. 12 Mieƒo ƒu ɖe afi sia ne miaɖo Yehowa wò Mawu ƒe nubabla kple atam si Yehowa wò Mawu ka na wò egbea la me,+ 13 ne wòaɖo wò egbea nànye eƒe dukɔ,+ eye eya nanye wò Mawu,+ abe ale si wòdo ŋugbe na wò heka atam na tɔgbuiwòwo, Abraham,+ Isak+ kple Yakob+ ene.
14 “Ke menye miawo ɖeɖe koe mele nu sia blam kplii hele atam sia kam na o, 15 ke boŋ ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbea kpli mí le Yehowa mía Mawu ŋkume kple ame siwo mele mía gbɔ le afi sia egbea o la hãe. 16 (Elabena mienya ale si míenɔ Egipte-nyigba dzi kple ale si míeto dukɔ vovovowo domee la nyuie.+ 17 Eye miekpɔ woƒe ŋunyɔnuwo kple woƒe legba nyɔŋu*+ siwo wotsɔ ati kple kpe, klosalo kple sika wɔ, siwo le wo dome la.) 18 Mikpɔ nyuie be ŋutsu alo nyɔnu alo ƒome alo to aɖeke naganɔ mia dome, si ƒe dzi atrɔ le Yehowa mía Mawu la yome egbea, eye wòayi aɖasubɔ dukɔ mawo ƒe mawuwo o;+ ne ke aɖeke naganɔ mia dome, si adze atse ku siwo nye aɖi kple atsa o.+
19 “Gake ne ame aɖe se atamkanya siawo, evɔ wòƒo adegbe gblɔ le eƒe dzi me be, ‘Ne meɖoe koŋ wɔ nu si nye dzi di hã, manɔ ŋutifafa me,’ eye wòle nu sia nu* dome gblẽm le eƒe mɔ dzi la, 20 Yehowa matsɔe akee o.+ Ke boŋ Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ abi ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ava edzi,+ eye Yehowa atsrɔ̃ eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. 21 Yehowa atɔ ŋkui le Israel-toawo katã dome, eye wòahe vɔ̃ ava edzi le nubabla ƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la nu.
22 “Ne mia viwo ƒe dzidzime siwo ava va emegbe kple amedzro siwo tso anyigba didi aɖe dzi la kpɔ anyigba la ƒe fuwɔame siwo nye dɔléle siwo Yehowa he va edzi, 23 dzokpe kple dze kpakple dzobibi, ale be womate ŋu aƒã naneke ɖe eƒe anyigba blibo la dzi wòamie o, eye gbe aɖeke hã mate ŋu amie ɖe edzi o, abe ale si wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora,+ Adma kple Zeboyim,+ siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dziku kple eƒe dɔmedzoe me ene la, 24 woawo kple dukɔwo katã abia be, ‘Nu ka tae Yehowa wɔ anyigba sia alea?+ Nu kae he dɔmedzoe gã sia gbegbe vɛ?’ 25 Ekema woaɖo eŋu be, ‘Esi wogblẽ Yehowa wo tɔgbuiwo ƒe Mawu ƒe nu, si wòbla+ kpli wo esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi tae.+ 26 Woyi ɖasubɔ mawu bubuwo, eye wode ta agu na wo, mawu siwo womenya o, siwo ŋu meɖe mɔ le na wo be woade ta agu na o.*+ 27 Eya tae Yehowa do dɔmedzoe ɖe anyigba ma ŋu vevie, eye wòhe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la va wo dzi ɖo.+ 28 Ale Yehowa ho wo le woƒe anyigba la dzi le dziku+ kple adã kpakple dɔmedzoe helĩhelĩ me, eye wònya wo ɖo ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole egbe sia.’+
29 “Nu siwo le ɣaɣla la nye Yehowa mía Mawu tɔ,+ ke nu siwo woɖe ɖe go la nye mía kple míaƒe dzidzimeviwo tɔ tegbee, ne míawɔ Se sia me nyawo katã dzi.+
30 “Ne nya siawo katã va dzɔ ɖe dziwò, yayra kple fiƒode, siwo metsɔ ɖo ŋkuwòme,+ eye nèɖo ŋku wo dzi*+ le dukɔ siwo dome Yehowa wò Mawu nya wò ɖo ɖa la dome,+ 2 eye nètrɔ ɖe Yehowa wò Mawu+ la ŋu heɖo to eƒe gbe tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo+ me, wò kple viwòwo siaa, abe ale si mele se dem na wò egbea ene la, 3 ekema Yehowa wò Mawu akplɔ wò aboyomewo agbɔe,+ eye wòakpɔ nublanui+ na wò agaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome Yehowa wò Mawu ka mi hlẽ ɖo la me.+ 4 Ne keke dziƒo ƒe mlɔenu kee wò ame siwo woka hlẽ la le hã la, Yehowa wò Mawu aƒo wo nu ƒu tso afi ma, eye wòakplɔ wo agbɔe.+ 5 Yehowa wò Mawu akplɔ wò ava anyigba si fofowòwo xɔ wòzu wo tɔ la dzi, eye àxɔe wòazu tɔwò; ana nu nadze edzi na wò, eye wòana nàdzi ɖe edzi wu fofowòwo.+ 6 Yehowa wò Mawu akɔ wò kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo ŋu,*+ be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu tso wò dzi blibo kple luʋɔ* blibo me, ne nànɔ agbe.+ 7 Eye Yehowa wò Mawu ana fiƒode siawo katã nava wò futɔ siwo léa fu wò hetia yowòme la dzi.+
8 “Ke àtrɔ ava ahaɖo to Yehowa ƒe gbe, eye àwɔ eƒe se siwo katã dem mele na wò egbea la dzi. 9 Eye Yehowa wò Mawu ana wò asinudɔwɔwɔwo katã nadze edzi na wò geɖe,+ eye wòana viwòwo, wò lãwo, kple wò anyigbadzikutsetsewo nadzi ɖe edzi taŋtaŋ, elabena adzɔ dzi na Yehowa be yeana nu nadze edzi na wò, abe ale si ko wòkpɔ dzidzɔ ɖe tɔgbuiwòwo ŋu ene.+ 10 Elabena ɣemaɣi la, àɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe, eye àlé eƒe sedede kple eƒe ɖoɖo siwo woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la me ɖe asi, eye àtrɔ va Yehowa wò Mawu la gbɔ tso wò dzi blibo kple luʋɔ* blibo me.+
11 “Elabena se sia, si dem mele na wò egbea mesesẽ na wò akpa o, eye mele didiƒe hã tso gbɔwò o.+ 12 Menye dziƒoe wòle, ne nàgblɔ be, ‘Ame kae alia ayi dziƒo ahatsɔe vɛ na mí, be míasee, ne míawɔ edzi?’ hã o.+ 13 Eye menye ƒu godo hã wòle, ne nàgblɔ be, ‘Ame kae atso ƒu ayi aɖatsɔe vɛ na mí, be míasee, ne míawɔ edzi?’ hã o. 14 Elabena nya la tsɔ ɖe gbɔwò kpuie, ele wò ŋutɔ wò nu me kple wò dzi me,+ be nàwɔ edzi.+
15 “Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple nyui, ku kple vɔ̃ ɖo ŋkuwòme egbe.+ 16 Ne èɖo to Yehowa wò Mawu ƒe se siwo dem mele na wò egbea, eye nèlɔ̃ Yehowa wò Mawu+ la, nèzɔ eƒe mɔwo dzi, eye nèlé eƒe sededewo kple ɖoɖowo kpakple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me ɖe asi la, ekema ànɔ agbe,+ eye àdzi ɖe edzi, eye Yehowa wò Mawu ayra wò le anyigba si dzi nèyina be nàxɔe wòazu tɔwò la dzi.+
17 “Ke ne wò dzi to mɔ bubu,+ eye mèɖo to o, eye nèna woflu wò nède ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la,+ 18 ekema mele egblɔm na mi egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko.+ Mianɔ agbe didi le anyigba si dzi miele Yordan tso ge ayi aɖaxɔ wòazu mia tɔ la dzi o. 19 Metsɔ dziƒowo kple anyigba ɖo ɖasefowo ɖe mia ŋu egbea be, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode+ ɖo mia ŋkume; mitia agbe, ne mia kple miaƒe dzidzimeviwo+ mianɔ agbe,+ 20 nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu+ la, nàɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eya amea ŋu,+ elabena eyae nye wò agbe eye eyae ana nànɔ agbe didi le anyigba si ŋu Yehowa ka atam ɖo na tɔgbuiwòwo, Abraham, Isak kple Yakob, be yeatsɔ ana wo la dzi.”+
31 Eye Mose yi ɖagblɔ nya siawo na Israel blibo la katã, 2 eye wògblɔ na wo bena: “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaeve egbea.+ Nyemagate ŋu akplɔ mi* o, elabena Yehowa gblɔ nam be: ‘Mèle Yordan sia tso ge o.’+ 3 Yehowa wò Mawu adze ŋgɔwò nàtso tɔa, eye eya ŋutɔ atsrɔ̃ dukɔ siawo ɖa le ŋgɔwò, eye ànya wo ɖa.+ Yosua akplɔ wò atso tɔa,+ abe ale si Yehowa gblɔe ene. 4 Yehowa awɔ ame mawo abe ale si wòwɔ Amori-fia Sihon+ kple Og+ kpakple woƒe anyigba le esime wòtsrɔ̃ wo la ene.+ 5 Yehowa asi wo na mi, eye miwɔ wo pɛpɛpɛ ɖe se siwo katã mede na mi la nu.+ 6 Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu.+ Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò le wo ŋkume o,+ elabena Yehowa wò Mawu ŋutɔ le yiyim kpli wò. Maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o.”+
7 Mose yɔ Yosua hegblɔ nɛ le Israel bliboa ŋkume be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu,+ elabena wòe akplɔ dukɔ sia ayi anyigba si ŋu Yehowa ka atam le na wo tɔgbuiwo be yeatsɔ ana wo la dzi, eye wòe atsɔe ana wo wòanye woƒe domenyinu.+ 8 Yehowa ŋutɔ le yiyim le ŋgɔwò, eye wòanɔ kpli wò.+ Maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o. Mègavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi wò o.”+
9 Eye Mose ŋlɔ Se+ sia tsɔ de asi na nunɔla siwo nye Lewi viwo, ame siwo tsɔa Yehowa ƒe nubablaɖaka la, kpakple Israel ametsitsiwo katã. 10 Eye Mose de se na wo be: “Le ƒe adre ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu, le ablɔɖeƒe+ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi le Agbadɔŋkekenyui la ɖuɣi,+ 11 ne Israel blibo la katã va Yehowa wò Mawu ŋkume+ le teƒe si wòtia la, ekema nàxlẽ Se sia Israel blibo la katã nase.+ 12 Ƒo dukɔ la nu ƒu,+ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo* kple amedzrovi siwo le wò dukɔ* me siaa, ne woaɖo to, eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa mia Mawu la, eye woawɔ Se sia me nyawo katã dzi pɛpɛpɛ. 13 Ekema wo vi siwo menya Se sia o la asee,+ eye woasrɔ̃ ale si woavɔ̃ Yehowa mia Mawu la ŋkeke ale si miele agbe le anyigba si mietso Yordan yina be miaxɔ wòazu mia tɔ la dzi.”+
14 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa! Wò kuɣi gogo.+ Yɔ Yosua, ne miava* takpegbadɔa me, ne made dɔ asi nɛ.”+ Eye Mose kple Yosua yi ɖatɔ ɖe takpegbadɔ la me. 15 Eye Yehowa ɖe eɖokui fia le takpegbadɔa me le alilikpo dodo* aɖe me, eye alilikpo dodo la va tɔ ɖe takpegbadɔa ƒe mɔnu.+
16 Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa! Wò kuɣi ɖo,* eye dukɔ sia ade asi gbɔgbɔmehasiwɔwɔ me kple mawu tutɔ siwo ƒo xlã wo le anyigba si dzi yi ge wole la.+ Woagblẽm ɖi+ ahatu nye nu, si mebla kpli wo la.+ 17 Ɣemaɣi la, nye dziku afla ɖe wo ŋu,+ magblẽ wo ɖi+ ahaɣla nye ŋkume ɖe wo+ va se ɖe esime woatsrɔ̃ wo. Ne vɔ̃ kple xaxa geɖewo va wo dzi la,+ ekema woagblɔ be: ‘Ðe menye esi mía Mawu mele mía dome o tae vɔ̃ siawo va mía dzi ɖo oa?’+ 18 Ke maɣla nye ŋkume ɖe wo gbe ma gbe le nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ hetrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu la ta.+
19 “Azɔ miŋlɔ ha sia ɖi na mia ɖokuiwo,+ ne miafiae Israel-viwo.+ Mina woasrɔ̃e,* ne ha sia nanye ɖase nam ɖe Israel-viwo ŋu.+ 20 Ne mekplɔ wo yi anyigba si ŋu meka atam le na wo tɔgbuiwo,+ si dzi notsi kple anyitsi le sisim le+ la dzi, eye woɖu nu ɖi ƒo, eye nu dze edzi na wo*+ la, woatrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu ahasubɔ wo, womade bubu ŋunye o, eye woatu nye nubabla la.+ 21 Ne vɔ̃ kple xaxa geɖewo va wo dzi la,+ ha sia anye ɖase na wo (elabena woƒe dzidzimeviwo maŋlɔe be o), elabena menya nɔnɔme si le wo si+ xoxo hafi mekplɔ wo yina anyigba si ŋu meka atam ɖo la dzi.”
22 Ale Mose ŋlɔ ha sia gbe ma gbe, eye wòfiae Israel-viwo.
23 Eye wòde* dɔ asi na Yosua,+ Nun vi, gblɔ be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu,+ elabena wòe akplɔ Israel-viwo ayi anyigba si ŋu meka atam ɖo na wo la dzi,+ eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”
24 Esi Mose nya ŋlɔ Se sia me nyawo katã ɖe agbalẽ me vɔ ko la,+ 25 Mose de se na Lewi vi siwo tsɔa Yehowa ƒe nubablaɖaka la be: 26 “Mitsɔ Segbalẽ+ sia da ɖe Yehowa mia Mawu ƒe nubablaɖaka la xa,+ ne wòanye ɖase ɖe mia ŋu le afi ma. 27 Elabena menya miaƒe aglãdzedze+ kple miaƒe tosesẽ.*+ Ne mele agbe le mia gbɔ egbea tso, hafi miedze aglã ɖe Yehowa ŋu alea ɖe, ke aleke wòahanɔ le nye ku megbe! 28 Miƒo miaƒe toawo ƒe ametsitsiwo kple miaƒe dzikpɔlawo nu ƒu ɖe gbɔnye, ne magblɔ nya siawo woase, ne matsɔ dziƒowo kple anyigba aɖo ɖasefowo ɖe wo ŋu.+ 29 Elabena menyae nyuie be le nye ku megbe la, miele nu gbegblẽ wɔ ge,+ eye miatrɔ ɖa le mɔ si meɖo na mi la dzi. Eye vɔ̃ ava mia dzi godoo+ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu, elabena miele nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume la wɔ ge ahatsɔ miaƒe asinudɔwɔwɔwo ado dziku nɛ.”
30 Eye Mose gblɔ ha sia me nyawo, tso eƒe gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu, ɖe Israel ƒe ha blibo la ƒe to me be:+
32 “Oo dziƒowo, miƒu to anyi, mele nu ƒo ge,
Eye anyigba nese nye numenyawo.
2 Nye nufiafia adza abe tsi ene;
Nye nya adza abe zãmu* ene,
Abe tsie nyɔ́ ɖe gbe dzi ene,
Abe gbafie wɔ ɖe nu miemiewo dzi ene.
3 Elabena maɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ.+
Miƒo nu tso mía Mawu la ƒe gãnyenye ŋu!+
5 Woawoe wɔ nu tovo.+
Menye viawoe wonye o, woawo ŋutɔwo gbɔe vodada la tso.+
Dzidzime gɔglɔ̃ totro wonye!+
Ðe menye eyae nye Fofowò si wɔ wò,+
Eya ame si wɔ wò hena nèli ke oa?
7 Ðo ŋku tsãŋkekewo dzi;
Bu dzidzime siwo va yi la ŋu.
Bia fofowò, eye atoe na wò;+
Bia wò ametsitsiwo, eye woagblɔe na wò.
8 Esime Dziƒoʋĩtɔ la ma domenyinu na dukɔwo,+
Esime wòma Adam* ƒe viwo tso wo nɔewo gbɔ la,+
Eɖo liƒo na dukɔwo,+
Ðe ale si Israel-viwo sɔ gbɔe nu.+
Ekpɔ eta, elé be nɛ,+
Eye wòkpɔ eta abe eƒe ŋku ƒe gadaglamakui ene.+
11 Ale si ko hɔ̃ ʋuʋua eƒe atɔ,
Saa agba ɖe viawo dzi,
Kekea eƒe aʋalawo me hekɔa wo,
Eye wòtsɔa wo ɖe eƒe aʋalawo dzi la,+
Dutamawu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.+
Ena anyitsi tso agakpe la me wòno
Kple ami tso kpe sesẽ me,
14 Nyinotsi kpekẽ kple alẽnotsi,
Hekpe ɖe agbo nyuitɔwo* ŋu,
Basantɔwo ƒe alẽtsuwo, kple gbɔ̃tsuwo,
Eno wain si wotsɔ waintsetsemetsi* wɔ.
15 Esi Yesurun* da ami la, edze aglã henɔ afɔkli dam.
Èda ami, èkpɔ lãme heklã.+
Esia tae wògblẽ Mawu si wɔe la ɖi.+
Eye wòdo vlo eƒe xɔname ƒe Agakpe la.
17 Wonɔ vɔ sam na gbɔgbɔ vɔ̃wo, ke menye na Mawu o,+
Na mawu siwo womenya o,
Na mawu yeye siwo do nyitsɔ laa,
Siwo nye mawu siwo mia tɔgbuiwo menya o.
19 Esi Yehowa kpɔe la, egbe wo+
Elabena viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo do dziku nɛ.
20 Eya ta egblɔ be: ‘Maɣla nye ŋkume ɖe wo;+
Ne makpɔ nu si ava dzɔ ɖe wo dzi.
22 Elabena nye dɔmedzoe fla helé dzo,+
Eye wòabi ade Tsiẽƒe* ƒe gogloƒe ke,+
Eye wòafiã anyigba la kple edzi kutsetsewo,
Eye wòabi towo ƒe gɔmeɖoanyiwo vlavlavla.
23 Mana woƒe xaxawo nadzi ɖe edzi na wo;
Mada nye aŋutrɔwo katã ɖe wo ŋu.
25 Yi awu wo le gota;+
Eye ŋɔdzi le xɔ me+
Na ɖekakpui kple ɖetugbui leaƒe siaa,
Na vi nono kple amegã taɣi siaa.+
26 Megblɔ be: “Makaka wo;
Mana woaŋlɔ wo be le amegbetɔwo dome,”
Eye woagblɔ be: “Míaƒe ŋusẽ ɖu dzi;+
Menye Yehowa ye wɔ nu siawo katã o.”
29 Ðe wònye nunyalawoe wonye la,+ anye ne wode ŋugble le esia ŋu!+
Anye ne wobu nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ŋu.+
30 Aleke ame ɖeka awɔ aɖe ame akpe ɖeka ɖe nu,
Eye ame eve nana ame akpe ewo nasi?+
Negbe ɖeko woƒe Agakpe la tsɔ wo dzra,+
Eye Yehowa tsɔ wo de asi hafi.
32 Elabena woƒe wainka nye Sodom ƒe wainkawo,
Wotso Gomora toŋugblewo me.+
Woƒe waintsetse nye waintsetse si me aɖi le,
Woƒe wainkpowo vena.+
33 Woƒe wain nye dawo ƒe aɖi,
Enye ƒliwo ƒe aɖi vɔ̃.
34 Ðe womedzrae ɖo ɖe gbɔnye,
Eye wotre enu wòle nye nudzraɖoƒe oa?+
35 Tɔnyee nye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo,+
Ne woƒe afɔ naɖiɖi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi,+
Elabena woƒe tsɔtsrɔ̃gbe gogo,
Eye nu si le wo lalam la ava kaba.’
36 Elabena Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ,+
Eye eƒe subɔlawo ƒe nu awɔ nublanui nɛ,*+
Ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le wo ŋu keŋ,
Eye wɔnamanɔŋutɔwo kple ame beliwo koe susɔ.
37 Eye wòagblɔ be: ‘Afi kae woƒe mawuawo le,+
Agakpe si wosi tso,
38 Siwo ɖua woƒe vɔsalãwo ƒe ami,*
Noa woƒe nunovɔsawo ƒe wain?+
Mina woatso axɔ na mi.
Mina woazu sitsoƒe na mi.
Mewua ame, eye megbɔa agbe ame.+
40 Elabena medo nye asi ɖe dzi,
Eye meka atam be: “Zi ale si mele agbe tegbee la,”+
41 Ne menyre nye yi dadzo la,
Eye nye asi le klalo hena ʋɔnudɔdrɔ̃ la,+
Mabia hlɔ̃ nye ketɔwo,+
Eye maɖo eteƒe na ame siwo lé fum la.
42 Mana nye aŋutrɔwo nano ʋu amu,
Eye nye yi aɖu lã,
Ame siwo wowu kple aboyomewo ƒe ʋue,
Futɔ la kplɔlawo ƒe tawoe.’
43 Mi dukɔwo, mikpɔ dzidzɔ kple eƒe dukɔ la,+
Elabena abia hlɔ̃ ɖe eƒe subɔlawo ƒe ʋu ta,+
Abia hlɔ̃ eƒe ketɔwo ɖe eteƒe,+
Eye wòalé avu* ɖe eƒe dukɔ la ƒe anyigba ta.”
44 Ale Mose kple Hosea,*+ Nun vi va gblɔ ha sia me nyawo katã ɖe dukɔ la ƒe to me.+ 45 Esi Mose gblɔ nya siawo katã na Israel blibo la vɔ la, 46 egblɔ na wo be: “Mina nya siwo katã metsɔ le nu xlɔ̃m mi egbea la nade dzi gbɔ na mi,+ ne miade se na mia viwo be woawɔ Se sia me nyawo katã dzi.+ 47 Elabena menye nya gbɔlo wònye na mi o, ke boŋ miaƒe agbee,+ eye nya siawo ana mianɔ agbe didi le anyigba si miele Yordan tso ge ayi aɖaxɔ wòazu mia tɔ la dzi.”
48 Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke bena: 49 “De Abarim To+ sia dzi, si nye Nebo To+ si le Moab-nyigba dzi, eye wòdze ŋgɔ Yeriko, ne nàkpɔ Kanaan-nyigba, si tsɔ ge mala na Israel-viwo wòazu wo tɔ la ɖa.+ 50 Eye àku ɖe to si lia ge nàla la dzi, eye woatsɔ wò akpe ɖe wò amewo* ŋu, abe ale si ko nɔviwò Aron ku le Hor To+ la dzi, eye wotsɔe kpe ɖe eƒe amewo ŋu ene; 51 elabena mi ame evea miewɔ nuteƒe nam le Israel-viwo dome le Meriba+ le Kades tsi la gbɔ le Zin gbedzi o, elabena miekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋkume o.+ 52 Ànɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa, ke màde anyigba si metsɔ le Israel-viwo nam la dzi o.”+
33 Nya siawoe Mawu vavã la ƒe ame Mose gblɔ tsɔ yra Israel-viwo hafi ku.+ 2 Egblɔ be:
“Yehowa tso Sinai va,+
Eye wòklẽ ɖe wo dzi tso Seir.
Edze le ŋutikɔkɔe me tso Paran tonuto la me,+
Eye dɔla kɔkɔe akpeakpewo* le eŋu,+
Eƒe aʋawɔlawo le eƒe ɖusime.+
5 Eye Mawu zu fia le Yesurun,*+
7 Eyra Yuda be:+
“Oo Yehowa, se Yuda ƒe gbe,+
Eye nàkplɔe va eƒe dukɔ gbɔ,
Eƒe alɔwo ʋli* nu si nye etɔ la ta,
Xɔ nɛ tso eƒe ketɔwo si me.”+
8 Egblɔ le Lewi ŋu be:+
Èwɔ dzre kplii le Meriba tsi la gbɔ,+
9 Ame si gblɔ na fofoa kple dadaa be: ‘Nyemenya mi o.’
Medze si nɔviaŋutsuwo kura gɔ̃ hã o,+
Eye wògbe nu le viaŋutsuwo gbɔ.
Elabena elé wò nya la me ɖe asi,
Eye wòwɔ wò nubabla la dzi.+
11 Oo Yehowa, yra eƒe ŋusẽ,
Eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe eƒe asinudɔwɔwɔ ŋu.
Gbã afɔ* na ame siwo tso ɖe eŋu,
Ne ame siwo léa fui la magatsi tsitre azɔ o.”
12 Egblɔ le Benyamin ŋu be:+
“Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔ la nanɔ dedie le egbɔ;
Esime wòle eta kpɔm ŋkeke blibo la katã,
Akɔe ɖe eƒe kɔ dzi.”
13 Egblɔ le Yosef ŋu be:+
“Yehowa neyra eƒe anyigba la+
Kple dziƒonu nyuitɔwo,
Neyrae kple zãmu kpakple tometsidzɔƒewo,+
14 Kple nu nyuitɔ siwo ɣe nana wotsina,
Kple nu nyuitɔwo dzinu sia dzinu,+
15 Kple nu nyuitɔ siwo tso blematowo* dzi,+
Kple nu nyuitɔ siwo tso togbɛ siwo li ɖaa la dzi,
16 Kple anyigbadzinu nyuitɔwo kple nu siwo yɔ edzi,+
Kpakple Ame si le ŋuve la me la ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe+ ame ŋu.
Woava Yosef ƒe ta dzi,
Kple ame si woɖe ɖe vovo tso nɔviawo dome la ƒe dzodome.+
17 Eƒe atsyɔ̃ɖoɖo le abe nyitsu ŋgɔgbea tɔ ene,
Eye eƒe dzowo le abe gbenyi ƒe dzowo ene.
Atsɔ wo atutu* dukɔwo,
Wo katã, va se ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo.
Dzo siawoe nye Efrayim ƒe ame akpeakpewo,+
Eye woawoe nye Manase ƒe ame akpeawo.”
18 Eye wògblɔ le Zebulon ŋu be:+
“Oo Zebulon kpɔ dzidzɔ ɖe wò dodo ŋu,
Eye wò Isakar kpɔ dzidzɔ ɖe wò agbadɔwo ŋu.+
19 Woayɔ dukɔwo va to la gbɔ.
Woasa dzɔdzɔenyenyevɔwo le afi ma.
20 Egblɔ le Gad ŋu be:+
“Woayra ame si le Gad ƒe liƒowo kekem ɖe enu.+
Etsyɔ akɔ anyi abe dzata ene,
Ele klalo be yeavuvu abɔ kple ta.
Dukɔwo ƒe tatɔwo akpe ta.
Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzie wòawɔ,
Kple eƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖo siwo ku ɖe Israel ŋu.”
22 Egblɔ le Dan ŋu be:+
“Dan nye dzatavi.+
Ati kpo tso Basan.”+
23 Egblɔ le Naftali ŋu be:+
“Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu ɖi ƒo na Naftali,
Eƒe yayra yɔe fũu.
Xɔ ɣetoɖoƒe kple anyiehe wòazu tɔwò.”
24 Egblɔ le Aser ŋu be:+
“Woatsɔ viŋutsuwo ayra Aser.
Eƒe nu nenyo nɔviawo ŋu,
Eye wòaƒo* eƒe afɔ ɖe ami me.
26 Ame aɖeke mele abe Yesurun+ ƒe Mawu vavã+ la ene o,
Ame si le yiyim le dziƒo be yeakpe ɖe ŋuwò,
Eye wòle yiyim le alilikpowo dzi le eƒe gãnyenye me.+
28 Israel anɔ anyi dedie,
Yakob ƒe vudo la aɖe ɖe aga,
Anɔ nuku kple wain yeye ƒe anyigba dzi.+
Ame si ƒe dziƒowo adza zãmu.+
29 Oo Israel, dzidzɔtɔe nènye!+
Ame kae le abe wò ene,+
Dukɔ si ƒe xɔname tso Yehowa gbɔ,+
Wò akpoxɔnu si kpɔa tawò,+
Kple wò yi gã la?
34 Azɔ Mose dzo le Moab tagba helia Nebo To+ la yi Pisga To,+ si dze ŋgɔ Yeriko+ la, tame. Eye Yehowa tsɔ anyigba blibo la katã fiae, tso Gilead va se ɖe Dan,+ 2 kple Naftali blibo la katã kple Efrayim kple Manase-nyigba kpakple Yuda-nyigba blibo la katã, va se ɖe ɣetoɖoƒeƒu* la nu,+ 3 kple Negeb*+ kple Yordan Nuto+ la, gbadzaƒe si le Yeriko Bali me, devedu la, va se ɖe keke Zoar ke.+
4 Yehowa gblɔ nɛ be: “Esiae nye anyigba si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob, be: ‘Wò dzidzimeviwo matsɔe ana.’+ Mena nèkpɔe kple wò ŋkuwo, gake mèle tɔa tso ge ayi afi ma o.”+
5 Ema megbe Yehowa ƒe subɔla Mose ku le afi ma le Moab-nyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe ene.+ 6 Eye wòɖii ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi, le Bet-Peor ŋgɔ, eye ame aɖeke menya afi si eƒe yɔdo le o va se ɖe egbe sia.+ 7 Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blaeve hafi ku.+ Eƒe ŋkuwo metsi o, eye ŋusẽ mevɔ le eŋu o. 8 Israel-viwo fa Mose le Moab tagba ŋkeke blaetɔ̃.+ Emegbe ŋkeke siwo wotsɔ fa Mose la wu enu.
9 Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun vi la fũu, elabena Mose da asi ɖe eya amea dzi;+ eye Israel-viwo te toɖoɖoe, eye wowɔ abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.+ 10 Gake nyagblɔɖila aɖeke meganɔ Israel kpɔ, abe Mose,+ ame si Yehowa nya ŋkume kple ŋkume ene o.+ 11 Ewɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa dɔe be wòawɔ le Egipte-nyigba dzi ɖe Farao kple eƒe subɔviwo katã kpakple eƒe anyigba blibo la katã ŋu la,+ 12 hekpe ɖe ŋusẽdɔ kple nu klitsu siwo katã Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume la ŋu.+
Alo, “tagba.”
Alo, “bali me.”
Alo, “Anyiehe.”
Edze ƒãa be Lebanon togbaka wowɔnɛ.
Alo, “tɔʋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “na míaƒe dzi lólo.”
Efia, du siwo ŋu woɖo gli kɔkɔwo ɖo.
Ðewohĩ, “Mawu do ŋusẽe.”
Alo, “Migado dziku na wo o.”
Alo, “tagba.”
Alo, “tɔʋu.”
Alo, “tɔʋu.”
Efia, “Kreta.”
Alo, “tɔʋu.”
Alo, “woase veve abe ale si wosea veve le kuléɣi ene.”
Alo, “tɔʋu.”
Alo, “tɔʋu.”
Alo, “amekukuɖaka.”
Abɔklugui ɖeka le sentimeta 44.5. Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmee nye, “Yair ƒe avɔgbadɔkɔƒewo.”
Alo, “tagba.”
Esia nye ŋkɔ si woyɔna na Galilea-ƒua tsã.
Efia, Ƒukuku la.
Alo, “nàkpɔ wò luʋɔ dzi nyuie.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nya Ewoawo.”
Alo, “mikpɔ miaƒe luʋɔwo dzi nyuie.”
Alo, “dziƒoʋakɔwo.”
Alo, “si nye eƒe domenyinu.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “nɔnɔme sesẽwo.”
Alo, “tɔʋu.”
Efia, Dzeƒu alo Ƒukuku la.
Alo, “nàtsɔ adze aglã ɖe ŋunye o.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “le nye ŋkuta o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nya siawoe.”
Alo, “amegbetɔƒomea.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “agbeŋusẽ; nunɔamesiwo.”
Alo, “gblɔe edziedzi; na wòade dzi gbɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le wò ŋkuwo dome.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “nunɔamesi vevi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “asi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ayra wò dɔmevi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku megakpɔ.”
Alo, “nɔnɔme sesẽ.”
Agate ŋu afia, “amewo nadzo nyanyanya; ŋɔdzi nalé wo.”
Alo, “akeklewo; aganɛwo.”
Efia, du siwo ŋu woɖo gli kɔkɔwo ɖo.
Alo, “àxɔ woƒe anyigba.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kɔlialiatɔ.”
Alo, “ŋkeke si ha la kpe ta.”
Alo, “wolólo ga kɔ̀ legba.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kɔlialiatɔ.”
Alo, “Mielólo ga.”
Alo, “wò domenyinu.”
Alo, “wò domenyinu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nya Ewoawo.”
Alo, “hame.”
Alo, “tɔʋuwo.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “dziƒo ʋĩtɔ kekeake.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “miɖe miaƒe dziwo ƒe boloyiwo ɖa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “migalia kɔ azɔ o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “vi tɔmanɔsitɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “tsrɔ̃ wo va se ɖe egbe.”
Alo, “nètsɔ afɔ dea tsii,” ɖewohĩ efia be wotsɔa afɔ troa mɔ̃ si gɔme afɔtiwo le, alo tsɔa afɔ ɖea tsimɔwo alo ʋua wo.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “miaƒe ŋkuwo dome.”
Efia, Ƒu Gã la, si nye Domeƒu.
Alo, “tagba.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “le nu si wòbu be enyo wɔm.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Alo, “dzro wò luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Alo, “wò luʋɔ dzrom.”
Alo, “le wò luʋɔ ƒe dzodzrowo katã nu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Alo, “le wò luʋɔ ƒe dzodzrowo katã nu.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “xɔ̃wò si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene.”
Alo, “nu siwo wowɔ kɔkɔe to sedede ɖe wo nu me.”
Alo, “nàɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aƒlɔ ŋugbladome.”
Alo, “nunɔamesi vevi.”
Alo, “tsatsaboli.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzro wò luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu sia nu si wò luʋɔ abia tso asiwò.”
Alo, “àdo nu axɔ awɔbanu ɖe edzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò dzi megafa konyi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nyitsu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le wò agbowo.”
Alo, “dziƒoʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “numenya.”
Alo, “agbalẽ xatsaxatsa.”
Alo, “eƒe luʋɔ di.”
Efia, afi si Yehowa tia be woade ta agu le.
Alo, “ŋkeke si dzi ha la kpe ta.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “elabena eƒe dzi xɔ dzo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “heƒo eƒe luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku megakpɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “numenya.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku megakpɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “ne wòagana woƒe dzi nalólo abe eya ŋutɔ tɔ ene o.”
Alo, “tɔʋu.”
Alo, “eƒe luʋɔ di.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “elɔ̃ ɖeka, eye wòlé fu evelia.”
Alo, “wògbee.”
Alo, “egbee.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “awui, aɖe eƒe luʋɔ ɖa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòagaklo fofoa ƒe avɔ o.”
Alo, “nu siwo ƒoa ɖi ame.”
Efia, agboti.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “alo avu.”
Alo, “na wò luʋɔ.”
Alo, “gbee.”
Alo, “elabena agbee nye ema xɔm wòle; luʋɔe.”
Alo, “kpodɔ.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “anyi” la ƒe gɔmesese keke ta. Ate ŋu alɔ ŋutigbalẽdɔ vovovo siwo woxɔna le ame ŋu ɖe eme. Enye dɔ si ate ŋu ado ɖe awuwo me kple xɔwo hã ŋu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “eƒe aƒe ŋu.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe ŋkɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wò ŋku megakpɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Efa kple efa.” Kpɔ Megbenyawo B14.
Agate ŋu afia, “tsɔtsrɔ̃la.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “nunɔamesi vevi.”
Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “ati kple ga ŋu dɔ wɔla.”
Alo, “Neva eme.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “vi tɔmanɔsitɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eklo fofoa ƒe avɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yeakɔ luʋɔ maɖifɔ ƒe ʋu ɖi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò dɔmeviwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò dɔmeviwo.”
Alo, “tɔtɔ le dzi me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “lodonu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò dɔmeviwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò luʋɔ.”
Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wòle ame si tsi ɖi kɔ na kple ame si tsikɔ le wuwum siaa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “siwo metsɔ na wo o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wogava dzi me na wò.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aɖe wò kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo ƒe boloyiwo ɖa.”
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ado agagbɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖevi suewo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Alo, “miava tsi tsitre ɖe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “alilikpo dodo tsrala.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “àmlɔ fofowòwo gbɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mitsɔe de nu na wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe “wokpɔ lãme.”
Edze ċa be Mawue.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “kɔlialia.”
Alo, “ahũ.”
Agate ŋu afia, “amegbetɔƒomea.”
Efia, Yakob.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbo ƒe ami.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “lu ƒe ayiku ƒe ami.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “waintsetse ƒe ʋu.”
Egɔmee nye, “Dzɔdzɔetɔ,” si nye bubuŋkɔ si woyɔna na Israel.
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “Kple nu siwo tana.”
Agate ŋu afia, “si do toku aɖaŋuɖoɖo.”
Alo, “ƒe nu avee.”
Anye “woƒe vɔsalã nyuitɔwo” ye wowɔnɛ.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòaxɔ nya ɖe akɔ.”
Egɔmee nye, “Xɔxɔ; Ðeɖekpɔkpɔ”; ŋkɔ siae woyɔna na Yosua tsã.
Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.
Alo “kɔkɔetɔ akpe ewowo.”
Egɔmee nye, “Dzɔdzɔetɔ”; si nye bubuŋkɔ si woyɔna na Israel.
Alo “wɔ avu nɛ ɖe.”
“Wò” si wozã le kpukpui sia me la tsi tsitre ɖi na Mawu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le ŋɔti me.”
Alo “ali.”
Agate ŋu afia, “ɣedzeƒetowo.”
alo “atu dzo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woano.”
alo “ketumekesinɔnu.”
Alo, “wòaklɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋusẽ anɔ ŋuwò le wò ŋkekewo katã me.”
Agate ŋu afia, “le woƒe teƒe kɔkɔwo.”
Efia, Ƒu Gã la, si nye Domeƒu.
Alo, “Anyiehe.”